EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy...

29
NUKU SI TO V O LA Metia fiẽ sia hena tanya sue, alo nuxexlẽ suea ɖe, ne Aƒetɔ la l, be wòana tometi si le eme la mí ko la, le Mateo Kɔkɔe 13:24 heyi 30. Eye me—medi be magaxlẽe tso 36 vaseɖe 40, le ɤeɤiɤi ʋee aɖe me. Azɔ Mateo Kɔkɔe, ta 13 lia, adze gɔme tso kpukpui 24 lia dzi le Mateo Kɔkɔe ƒe ta 13 lia me. Miƒu to anyi na Nya la xexlẽ. Nye nyawo ada ƒu, ke menye Eya tɔ o. Lo bubu wògado nawo, bena, Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyuie wum ɖe eƒe abɔ me: Eye esi ameawo dɔ al la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe luawo domee, eye wòdzo. Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do. Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena, Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyuie nèwu ɖe wo abɔ me oa? afika gbe wuwlui la tso? Eya gblɔ nawo bena, futɔ lae wɔ esia. Dɔlawo gblɔ nɛ bena, Ekema el be míayi…aɖagae mahã? Ke eya gblɔ bena, O; ne miele gbe wuwluiawo gam la, miava aho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ. Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɤi : eye ne nuŋeɤia ɖo la, mabɔ nuŋelawo ɖa bena, Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata bena woatɔ dzo wo: ke lu la miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me. 2 Ðe Miede dzesiia, “Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata”? Azɔ, le esia xexlẽ me la, nu sagaa ɖe va nam esime menɔ anyi ɖe Katalina Toawo ƒe tame zã aɖe me, henɔ gbe dom ɖa. Eye mesusu be, afika maƒoƒu nya si ŋudɔ mawɔ la atsoe hena nusia si ŋuti medi be maƒo nu le le fiẽ sia mahã? 3 Eye meyi ɖadi nyati nutovo, ale metsɔ nyadigbalẽ eye mekpɔ nusi enye nyati nutovo ƒe gɔmeɖeɖe. Eye woɖe egɔme be enye “aƒã aɖika,” alo—alo, “ato vovo,” nenemae Webster gblɔe, “aƒã aɖika, nane si to vo,” alo, “atsi tre ɖe nusi li xoxo la ŋuti.” Ale mesusu be, fiẽ sia ƒe tanya la, mana ŋkɔe be: Nuku Si To Vo La. Eye mexɔe se be Aƒetɔ la ayra Eƒe Nya la fifia esime míele tetem ɖe Eŋu. 4 Ke míenya hã bena Eɖe eme, le kpukpui 36 kple—kple vaseɖe 43 me, alesi nuku sia va tsie. Eye esime míele edzi la, mína míaxlẽ eya hã, kpukpui 36 azɔ heyi 43. Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu la, Eva aƒe me: eye eƒe nusrlawo va egbɔ, gblɔ bena, Đe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mí.

Transcript of EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy...

Page 1: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA

Metia fiẽ sia hena tanya sue, alo nuxexlẽ suea ɖe, ne Aƒetɔ la l�, be wòana tometi si le eme la mí ko la, le Mateo Kɔkɔe 13:24 heyi 30. Eye me—medi be magaxlẽe tso 36 vaseɖe 40, le ɤeɤiɤi ʋee aɖe me. Azɔ Mateo Kɔkɔe, ta 13 lia, adze gɔme tso kpukpui 24 lia dzi le Mateo Kɔkɔe ƒe ta 13 lia me. Miƒu to anyi na Nya la xexlẽ. Nye nyawo ada ƒu, ke menye Eya tɔ o.

Lo bubu wògado nawo, bena, Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyuie wum ɖe eƒe abɔ me:

Eye esi ameawo dɔ al� la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe luawo domee, eye wòdzo.

Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do.Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena, Aƒetɔ,

alo ɖe menye nuku nyuie nèwu ɖe wo abɔ me oa? afika gbe wuwlui la tso?

Eya gblɔ nawo bena, futɔ lae wɔ esia. Dɔlawo gblɔ nɛ bena, Ekema el� be míayi…aɖagae mahã?

Ke eya gblɔ bena, O; ne miele gbe wuwluiawo gam la, miava aho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ.

Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɤi : eye ne nuŋeɤia ɖo la, mabɔ nuŋelawo ɖa bena, Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata bena woatɔ dzo wo: ke lu la miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.

2 Ðe Miede dzesiia, “Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata”? Azɔ, le esia xexlẽ me la, nu sagaa ɖe va nam esime menɔ anyi ɖe Katalina Toawo ƒe tame zã aɖe me, henɔ gbe dom ɖa. Eye mesusu be, afika maƒoƒu nya si ŋudɔ mawɔ la atsoe hena nusia si ŋuti medi be maƒo nu le le fiẽ sia mahã?3 Eye meyi ɖadi nyati nutovo, ale metsɔ nyadigbalẽ eye mekpɔ nusi enye nyati nutovo ƒe gɔmeɖeɖe. Eye woɖe egɔme be enye “aƒã aɖika,” alo—alo, “ato vovo,” nenemae Webster gblɔe, “aƒã aɖika, nane si to vo,” alo, “atsi tre ɖe nusi li xoxo la ŋuti.” Ale mesusu be, fiẽ sia ƒe tanya la, mana ŋkɔe be: Nuku Si To Vo La. Eye mexɔe se be Aƒetɔ la ayra Eƒe Nya la fifia esime míele tetem ɖe Eŋu.4 Ke míenya hã bena Eɖe eme, le kpukpui 36 kple—kple vaseɖe 43 me, alesi nuku sia va tsie. Eye esime míele edzi la, mína míaxlẽ eya hã, kpukpui 36 azɔ heyi 43.

Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, Eva aƒe me: eye eƒe nusr�lawo va egbɔ, gblɔ bena, Đe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mí.

Page 2: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

2 NYA SI WOGBLƆ LA

Eye Woɖo eŋu na wo bena, Amesi le nuku nyuia wum la eyae nye Amegbetɔvi la;

Ke abɔ lae enye xexe la me; eye nuku nyuie la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye v�ɖitɔ la ƒe viwo;

Eye futɔ si le wo wum la enye abosam; eye nuŋeɤi la enye xexeame ƒe nuwuwu; ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.

Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiawo nuƒu eye wotoa dzo wo la; nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.

Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me;

Eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzo, dzokpo la me: afima hlemefafa, alo avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɤe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Amesi to senu li nɛ la…nesee.

5 Yesue nye ekem le lododo la gɔme ɖem, Eya ŋutɔe, ekema míenya nusi gɔmeɖeɖe la nye. Eye azɔ esime míele tetem ɖe esia ŋuti la, kuɖe nuku ƒaƒa ma kple—kple nuŋeŋe la ŋuti la, azɔ Eɖe egɔme. Ke la mexɔe se be Yesu le lo sia dom le Eƒe ŋkeke me, gake Ele egblɔm kuɖe xexeame ƒe nuwuwu ŋuti, alo, agbenɔɤia ƒe nuwuwu, esi nye egbe ŋkeke sia. Ke mexɔe se be fiẽ sia ƒe tanya sue sia sɔ kple gaƒoƒo si me míele agbe le, elabena Yesu gblɔ kɔtɛ le afisia bena “nu nuƒuƒoƒoa lava me le xexe sia ƒe nuwuwu,” bena ɤemaɤie lanye nuwuwu; lua nu ƒu ƒoƒo, kpakple gbe wuwluiawo hã nu ƒu ƒoƒo kple dzo tɔtɔ wo, ale woakɔ lu la ayi Fiaɖuƒe la me. Ke mexɔe se be to mɔ ma dzie.6 Ke Ŋɔŋlɔ bubu aɖe si kplɔm be maxɔ edzi se nenema, esi meŋlɔ ɖe afisia lae nye, Mateo 24:24, afisi wogblɔ le bena, esi woƒo nu le—le nuku, nuku si to vo la ŋuti. Yesu gblɔ bena woa kple eve woaɖi wonɔewo ale gbegbe be aflu Ame tiatiawo g� hã ne ele bɔbɔe. Nu ɖeka tututu ma kloe.7 Afi bubu le Ŋɔŋlɔa me afisi woŋlɔ ɖo, be tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.8 Meɖo ŋku nye numetoto gbãtɔ dzi le esime meva Pentekostetɔwo dome la dzi. Menɔ Mishawaka, Indiana. Eye menɔ takpekpe gãa ɖe me, xɔ gãa ɖe abe esia ene, afisi Dziehe kple Anyiehe wova kpe ta le. Le ŋkeke mawo, ƒe ameɖeɖeɖeaga ta, ele na wo be woado go le afima. Wònye nɔvi Pentekostetɔwo ƒe hatsotso gã eve. Nyemese wo ŋkɔ kpɔ alo do go wo kpɔ hã o. Zi gbãtɔ enye ma si mese woƒo nu kple aɖeyeyewo kpɔ. Eye le agbakawo ƒe nuwuwu la, le takpekpea mea…Nye si menye wodometɔ o la, ɖekakpui Baptiste osɔfo dzaa aɖe ko menye, meyi ɖanɔ keke megbe ɖaa ke. Ke meɖo

Page 3: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 3

ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo la, nyemenya nuka—nuka ŋutɔ g� hã wònye o. Eye ŋutsu eve mawo, kɔŋ, siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔgbe la, ɖeka aƒo nu kple aɖeyeyewo eye evelia aɖe nusi amea gblɔ la gɔme. Enyo, ɖeko medze nye Biblia sɔsr� kple kutri kuku, le afima ɤemaɤi koe ma, eye mekpɔe be ele Ŋɔŋlɔa nu. Nusia tututue Ŋɔŋlɔa gblɔ, be Gbɔgbɔ Kɔkɔea lawɔ.9 Enyo, anɔ ŋkeke ɖeka le esia megbe la…Zã ma me la nye dzi tɔtɔ ŋutɔ. Med� bligble aɖe me. Ga menɔ asinye sɔgbɔ be maxɔ a—a—abatie o, negbe ga si matsɔ ade aƒe la koe susɔ ɖe asinye, eye medi yevutatali aɖewo, ŋkeke eve tɔ, alo aboloŋɔŋlɔe, eya bɔŋue, hewɔ ŋdinuɖuɖue. Eye wokpem be maɖu nu kple yewo, gake ga aɖeke menɔ asinye be matsɔ de eme o. Le ŋkeke mawo me la, enye gakuɖiɖi ŋɔli, le 1933 me, ale agbe la—la sesẽ ŋutɔ. Eye mebu be, “Enyo, mele…nyemedi be maɖu nu kpliwo o, gake medi be manya nusi le wo si la. Nane le wo si esi mele asinye o.”10 Ekema le ŋdi ma la menɔ…wobia tso gbɔnye bena, “Osɔfowo katã neva kplɔta eye nàyɔ ŋkɔ wò, amesi nènye, kple afisi nètso.”11 Enyo, me—megblɔ ko bena, “William Branham, nyanyuie gblɔla, tso Jeffersonville,” hebɔbɔ nɔ anyi. Enyo, le ɤemaɤi me la nyee nye osɔfo ɖevi tɔ wu le kplɔta. Eye le ŋufɔke la woyɔm va kplɔta be magblɔ mawunya. Eye esi meƒo nu vɔ la, nuka, evivi ŋutɔ eteƒe mekɔ o, eye tso ekema dzi la mede asi gododo kple ame vovovo siwo nɔ kpeyem yi ɖe woƒe hameawo me. Eye emegbe la wo…12 Le esia megbe la, nuka, mesusu be, “Ne ɖe mate ŋu ayi teƒe si ame ŋkuta eve ma siwo do aɖeyeye, heɖe egɔme la le ko!” Nusia nɔ fiefiem le nye dzi me, menɔ edim vevie ŋutɔ. Enyo, abe alesi megblɔe na mi le gɔmedzedzea me ene la, kuɖe nunana sue aɖe si hea ka na ame ŋuti. Minyae, nunanawo kple yɔyɔwo li dzimetɔtrɔ manɔmee, wole asiwò wò agbe ŋkekeawo katã, mikpɔe, wodzi wò kpakplii, nenye be wonye Mawu ƒe nunanawo. Ale le ɤeawo katã ɤi, tso nye vidzĩ me ke la, edzɔna ɖe dzinye ɖaa, amesiwo nyam le nye agbe sia me la, wonya be nyateƒee. Enyo, ne mesusui…Nyemenya nusi wònye tsã ma o, mayɔe be ŋutegã, ɖeko nyemenya nusi wònye ya o. Ke mesusu be, “Ne ɖe mate ŋu aƒo nu kpli wo la!” Enyo, evɔ gbɔgbɔ si nɔ xɔa me la wɔ nam abe Mawu ƒe Gbɔgbɔ vavãtɔe ene.13 Ale me—meva ƒo nu kple wodometɔ ɖeka, eye mebiae nya ʋeea ɖe wòe, ke enye Kristotɔ vavãtɔ vavã. Đikekea ɖeke mele eŋu o, ŋutsu ma nye xɔsetɔ vavã. Ke ame evelia, esi meƒo nu kpli la, nenye be mekpɔ ayemenuwɔla aɖe kpɔ la, eyae nye wodometɔ ɖeka. Ne woagblɔe la ŋutsu ma nye…Esr�a nye nyɔnu si ƒe taɖa le hẽ, eye wòdzi vi le…vi eve le nyɔnua ɖe si ƒe taɖa le yibɔ la ƒe dɔme. Eye mesusu be, “Enyo, azɔ nukae?

Page 4: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

4 NYA SI WOGBLƆ LA

Eyae nye esi, me—metɔtɔ keŋ. Kpeɖodzinyui-ŋumee menye; ele be wòanye Nya la, alo mele eteƒe o. Evɔ Gbɔgbɔ ma hãe nye ma, ame ɖeka tɔ sɔgbe pɛpɛpɛ, ɖe nusi katã menya be enye, nu vavãtɔ la nu; ke ame evelia yaa menyo na naneke kura o; eye Gbɔgbɔ la dza ɖe wo kple eve dzi. Azɔ, aleke woate ŋu ava mee?” Nyeme, etɔtɔm ŋutɔ.14 Ƒe eve megbe la, menɔ gbe dom ɖa le agadoa ɖe me afisi meyina ɖadoa gbe ɖa le. Ʋuʋudedi bla ɖe agado la me, eye le ɤetrɔ aɖe la, medo go, hetsɔ nye Biblia da ɖe atikpo aɖe dzi, eye ya ƒo Esia wòke ɖe Hebritɔwo, ta 6 lia me. Esi gblɔ, bena le ŋkeke mamlaeawo me la, aleke woanɔ nenye be míede megbe tso Nyateƒe la gbɔ eye be woagawɔ mí yeye ake hena dzimetɔtrɔ la, vɔsasa ɖe nuv� ta megali o, kple alesi ŋuwo kple srẽwo, wotsɔ ɖe gbegbe gbɔ, esi ƒe nuwuwu anye fiafiã; gake tsi dzana ɖe anyigba dzi, agbadre, be wòano tsi, ne wòanyo nu; ke ŋuwo kple srẽwo la woatsɔ wo ƒu gbe, gake wòaƒo lua nu ƒu. Eye mesusu be, “Enyo, ya gbɔlo koe ƒo heke esia wòʋu.” Enyo, megatsɔ Biblia la daɖi ake. Eye mesusu be, “Enyo, azɔ ɖeko ma…” Kasia ya gaƒo hegakee ake. Nusia va eme zi gbɔ zi et� soŋ. Eye mesusu be, “Enyo, azɔ, nusia wɔ mo yaa loo.”15 Eye esi mefɔ la, eye mesusu be, “Aƒetɔ, nukaŋutie Nàʋu Biblia la nam be maxlẽ numa, Me…esi meɖo afima, afisi ‘ŋuwo kple srẽwo, esi te ɖe gbegbe ŋu, esi ƒe nuwuwu nye fiafiã laa’?” Mesusu be, “Nukaŋutie, Nàʋu afima nam ɖo?” Eye esi meɖe ŋku kpɔ nu la…16 Azɔ, ŋutega vavã siawo tɔgbe vana le esime mehiã be woahl� hafi o. Etso Mawu ɖeɖe ko gbɔ. Mikpɔa? Meɖe ŋku eye mekpɔ anyigba aɖe si nɔ totrom le ŋgɔnye, eye mekpɔ be ele nogoo kpeɖo. Ŋutsua ɖe do awu ɤi, dze ŋgɔ henɔ lu ƒãm. Eye esi wòkpe anyigba la ƒe dzogoewo katã ɖo vɔ la; emea ɖe enye si vado, ekpɔkpɔ ɖi vɔv� ŋutɔ, edo awu yibɔ, eye wònɔ gbe wuwlui wum ɖe wo domee. Wo katã womie ɖe du. Eye esi womie keŋ la, tsikɔ nɔ woakple eve la wum, elabena tsi hiãwo. Eye wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ abe gbe dom ɖa wòle ene, hede eƒe ta vi sue la agu, “Aƒetɔ, dɔ tsidzadza ɖa, dɔ tsidzadza ɖa.” Kasia alilikpo gãwo do ɖe yame, eye tsi dza ɖe woakple eve la dzi. Esi tsia dza la, lu sue la ti kpo hede asi gbɔgblɔ me bena, “Woakafu Aƒetɔ! Woakafu Aƒetɔ!” Eye gbe wuwluia hã ti kpo le exa tututu, gblɔ bena, “Woakafu Aƒetɔ! Woakafu Aƒetɔ!”17 Ke emegbe la woɖe ŋutegã la gɔme. Tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. Gbɔgbɔ ɖeka ate ŋu adza le takpekpea ɖe me, eye amesiame adzɔ dzi le eme: ayemenuwɔlawo, Kristotɔwo, kple wo katã ɖe du. Nenema tututue. Ke nukae? To woƒe kutsetsewo me woadze si wo. Mikpɔea? Mɔ ɖeka ma ko dzi woate ŋu ato adze sii.18 Ke nusia me akɔ na mi azɔ, elabena luɖia gbemetɔa, alo lu gbemetɔa kple gbeme nukua ɖe ko ɤea ɖewo ɤi woɖina nuku

Page 5: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 5

ŋutɔŋutɔa, aƒemetɔa, wosɔ kple wonɔewo ale gbegbe be ate ŋu aflu Ame Tiatia ŋutɔ g� hã. Mesusu be agbenɔɤi si me míele la tututu mee, wòle be woaɖe gbeƒã aƒo nu le nu siawo ŋuti.19 Mile ŋku ɖe kpukpui 41, ŋu nyuie, woakple eve la hã te ɖe wonɔewo ŋu kplikplikpli, kplikplikpli le ŋkeke mamleawo me ale gbegbe be Mewɔe o…Mate ŋu aka ɖe hame tutɔa ɖeke dzi be wòamã wo me o, míagblɔ ko be, Metodiste alo Baptiste, alo Pentekosteawo, be woamã wo me o. Ebe, “Edɔ Eƒe dɔlawo ɖa be woamã wo me.” Mawudɔla aɖe gbɔna ahe mamã la, ameɖeɖeɖeaga la vɛ le nyuietɔ kple gbegblẽtɔa dome. Ke amea ɖeke mate ŋu awɔ esia o negbe Aƒetɔ ƒe Dɔla la ko. Eyae nye Amesi lagblɔ esi nyo kple esi menyo o. Mawu gblɔ be Yeadɔ Yeƒe dɔlawo ɖa le ɤeɤiɤi mamleawo me. Menye dɔlawo keke va ɖo afii o, ke bɔŋ dɔlawo le nuwuɤi, eye woaƒo wo nu ƒu. Mienya be nuŋeɤi si gbɔna lae nye esi li fifia. Azɔ la, woɖe mawudɔla gɔme be enye “gbedeasitsɔla.” Eye miekpɔ bena dɔla adre woe li na hame adreawo, eye azɔ la…ao, to hamea ƒe agbenɔɤiwo me.20 Mide dzesi amesiwo Wògblɔ be nukuwulawo nye la, kple nusi nuku la hã nye. Gbã, nukuwula enye Eyama, Mawu ƒe Vi la, Eyae do go yi Nuku wu ge. Ke futɔa ɖe dze Eyome, esi nye Abosam, eye wòwu nuku si to vo la, le Nuku nyuitɔa wuwu vɔ megbe. Azɔ la, x�nyewo, nusia va eme le agbenɔɤi ɖesiaɖe me tso keke sime xexea nyadzɔ ko. Nenemae pɛpɛpɛ. Tso gɔmedzedzea me ke, wòdze nu ɖeka ma tututu wɔwɔ gɔme.21 Azɔ Egblɔ be, “Mawu ƒe Nuku la, Mawu ƒe Nya la.” Yesu gblɔ le afiaɖe, bena “Nya la nye Nuku.” Eye nuku sia nuku atse ɖe etɔ etɔ nu. Ke azɔ ne Kristotɔ, Mawu ƒe viwo, Fiaɖuƒea me viwo zu Mawu ƒe Nuku la, ekema ele be wòanye Mawu ƒe Nya la, Mawu ƒe Nya si ɖe ɖego le agbenɔɤi si me wole agbe le la me, hena agbenɔɤi ma ƒe ŋugbedodo Nukua. Mawu tsɔ Eƒe Nya la na le gɔmedzedzea me, eye agbenɔɤi ɖesiaɖe xɔ eƒe Nuku, eƒe ɤeɤiɤi, kple eƒe ŋugbedodowo.22 Azɔ, esi Noa va kpea dzi la, ke eyae nye Mawu ƒe Nuku la, Mawu ƒe Nya na agbenɔɤi ma.23 Esime Mose va la, mate ŋu ava kple Noa ƒe gbedeasi o, masɔ gbe o, elabena eyamae nye Mawu ƒe Nuku le ɤemaɤi.24 Emegbe, esi Kristo va la, Mate ŋu ava le Noa loo Mose ƒe agbenɔɤi me o; Eƒe ɤeyiɤie nye ma, be ɖetugbui laƒe nafɔ fu eye wòadzi Ŋutsuvi, eye Eyae anye Mesia.25 Azɔ, míeto Luther ƒe agbenɔɤi me, Wesley ƒe agbenɔɤi me (Metodiste gbenɔɤia me), nenema tẽ to agbenɔɤiawo katã me, kple Pentekosteawo ƒe agbenɔɤi me, ke wona Nya la ƒe ŋugbedodo agbenɔɤi ɖesiaɖe. Eye agbenɔɤi ma me tɔ siwo ɖe Ŋugbedodonya ma ɖe go la, woawoe nye agbenɔyi ma ƒe Nuku, le nusi Yesu gblɔ le afisia la nu, “Woawoe nye Fiaɖuƒea ƒe viwo.” Ele eteƒe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ɖeɖeɖego si le dɔ wɔm le Eviawo me lae nye Fiaɖuƒea ƒe Nuku mawo le agbenɔɤi ma me.

Page 6: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

6 NYA SI WOGBLƆ LA

26 Mide dzesii be, gbe wuwlui la nye eyama, futɔ la, Satana, amesi ƒã nutovo, alo la—alo la nuku si to vo la, eyae ɖif� to nu dziŋ� sia wɔwɔ me. Satana ƒã eƒe nuku tso gɔmedzedzea me ke, le esime Mawu tsɔ eƒe ame ƒomea ƒe nuŋeŋe gbãtɔ ɖo anyigba dzi teti ko. Adam, Eya tututue, enya xoxo be—be sidzedze nyateƒe la, kpakple nyui kple v� li, gake mete ɖe eŋu kpɔ haɖe o.27 Ke miekpɔe be, Mawu tsɔ Eƒe Nya la na Eviawo abe woƒe Taʋlinu ene. Woƒe…Taʋlinu bubua ɖeke megale mía si tsɔ wu Mawu ƒe Nya o. Eyae nye mía Taʋlinu. Tuwówó aɖeke, sitsoƒea aɖeke, bebeƒea ɖeke, Arizonatɔ loo Kaliforniatɔ, alo afika ke tɔe wòɖanye o la; Taʋlinu ɖeka koe le mía si, eye eyae nye Nya la. Eye Nya la trɔ zu ŋutilã eye wònɔ mía dome, esi nye Kristo Yesu, Eyama koe nye míaƒe Taʋlinu ɖeka h� la. Ne míele Eme la, míele dedie.28 Womebua nuv� ŋutɔ g� hã na xɔsetɔ vavã o. Mienyae nenema? Amesi wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuv� o, mate ŋu awɔ nuv� hã o. Mikpɔea? womebunɛ nɛ g� hã o. Nukaŋutie, David gblɔ be, “Woayra ŋutsu si Mawu mebua nuv� na o.” Ne èle Kristo me la, didi manɔ mewò be yeawɔ nuv� o. “Subɔla, si ŋuti wokɔ kpɔ la, nuv� ƒe dzitsinya megale esi o,” magadzro wò o. Azɔ, hena xexeame ya la, àgate ŋu anye nuv�wɔla; gake, na Mawu la, mènyee kura o, elabena èle Kristo me. Aleke lawɔ naganye nuv�wɔla esime nèle Amesi mewɔ nuv� kpɔ o la me, Evɔ wònye be Eya Amesi me nèle la ko Mawu kpɔna mahã?29 Azɔ nuŋeɤi sia. Le gɔmedzedzea me, esi Mawu ƒã Eƒe Nuku ɖe anyigba dzi hetsɔe de Eviawo ƒe dzi me la, esi nye Eƒe ƒome la, be wòalé Nya sia me ɖe asi, esi lanye woƒe taʋlinu kolia la, Nya la lélé ɖe asi! Futɔe nye si va do hegbã kpɔtɔtɔ la, to nuku si to vo la ƒãƒã me, to vo na Mawu ƒe Nya la. Ne numa nye nutovo le gɔmedzedzea me la, eganyee kokoko. Nusianu si atsɔ nane akpe ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu la, eganye nuku si to vo la kokoko! Nyemefɔ le eme na afisi wòtso va o, eɖadzɔ tso ɖoɖowɔha me o, eɖadzɔ tso asrafowo dome o, alo eɖatso dziɖuɖu ƒe ŋusẽ gbɔ o la, nusianu si to vo na Mawu ƒe Nya la, enye nuku si to vo la.30 Ne amea ɖe tsitre be yenye Nyanyui gblɔla, hebe “nukunu ƒe ŋkekewo nu va yi la,” numae nye nuku si to vo la. Ne amea ɖe tsi tre be yenye osɔfo, hame si le teƒea ɖe ƒe kplɔla, eye mexɔnɛ sena be Yesu Kristo nye eyama ke le nu suewo katã me (negbe le kodzogbe ŋutilã me ko), eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me o la, eyae nye nuku si to vo la. Ne egblɔ bena “nukunuwo kple apɔstolowo ƒe ɤeɤiɤi va yi vɔ la,” eyae nye nuku si to vo la. Ne wogblɔ be, “Naneke meli sigbe Mawume dɔyɔyɔ o la,” eyae nye nuku si to vo la. Eye xexeame yɔ fũ kpakplii. Ebɔ zã hemimi lu la ɖo.31 Mide dzesii be nukuwula gbãtɔ si ƒã nuku si to vo la woyɔe be “Abosam,” eye míenyae be ele, Mose I:1 me. Azɔ míekpɔ be,

Page 7: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 7

eye le—le Mateo ƒe Agbalẽ me le afii, ta 13 lia me la, Yesu gayɔ nutovo ɖesiaɖe ɖe Eƒe Nya la ŋuti be enye “Abosam.” Eye le 1956 sia me, nusianu si ƒã nutovo, tsitre ɖe Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi ŋuti la, alo si atsɔ ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe Nɛ la, enye nuku si to vo la. Mawu made bubu eŋu o. Mate ŋui o. Matsaka o. Nyateƒee mate ŋui o. Ele abe logoku ene; matsaka kple nu bubu aɖeke o, mate ŋu atsaka eƒe ku o, ele be wòanye nu akuakua. Nuku si to vo la!32 Azɔ míekpɔ be, esime Mawu ƒã Eƒe Nuku ɖe Eden Bɔa me la, míekpɔ be etse ku Abel aɖe. Gake esi Satana ƒã eƒe nuku si to vo la, etse ku Kain aɖe. Ðeka tse ku si nye ame dzɔdzɔe; ɖeka hã tse ku si nye ame madzɔmadzɔ. Elabena Xawa ɖo to nya si to vo la, si tsitre ɖe Mawu ƒe Nya ŋuti, ale nuv� ƒe bɔlu la dze mlimli tso afima ke, hegale mlimli dzi tso keke ɤemaɤi. Eye míele ŋu te ge aɖee ɖa keŋkeŋ vaseɖe esime mawudɔlawo nava de vovo nua dome, eye Mawu nakplɔ Eviawo yi Fiaɖuƒe la me o, ke woafiã gbe wuwlui la. Mile ŋku ɖe weinti eve mawo ŋu nyuie.33 Ðe ɤeɤiɤi sɔgbɔ nanɔ míasi ɖe tanya sia ŋuti hafi, gake bene matɔ asi nyakɔ gãwo dzi ko, ale be le miniti ʋeea ɖewo me la míage ɖe gbedodoɖa me enumake ɖe dɔnɔwo ta.34 Mide dzesii be, woƒe nukuawo tsi ɖe du pɛpɛpɛ abe alesi Mawu gblɔe le ta 13 lia me, le míaƒe fiẽ sia ƒe tanya me ene, le Mateo me, “Mina wo kpakple eve la katã natsi.” Azɔ, Kain yi ɖe Nod nyigba dzi, hekpɔ sr�, le afima ɖe; ke Habel la wowui, eye Mawu fɔ Set ɖe tsitre ɖe eteƒe. Ale dzidzimea dze egɔme yina, le nyui kple v� me. Azɔ, míkpɔ be woƒo ƒu, wo dometɔ ɖesiaɖe, ɤeɤiɤi ɖe ɤeɤiɤi dzi, eye wòle na Mawu be…Eva vlo ale gbegbe be ele na Mawu be wòatsyrɔe.35 Ke mlɔeba la wova tsi vaseɖe esi nuku eveawo katã, nuku si to vo la kple Mawu ƒe Nuku la, ƒe ta vavã tɔ la va mĩe, esi ke wu enu ɖe Yuda Iscariot kple Yesu Kristo dzi. Elabena, Eyae nye Mawu ƒe Nuku la, Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze, Enye Mawu naneke medo le eme o. Ke wodzi Yuda Iscariot ya wònye tsɔtsr�vi, edo tso aʋlime va, hegatrɔ yi aʋlime. Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi, Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go. Yuda Iscariot, le eƒe nutovo me la, enye Abosam ƒe nuku, si va xexeame, hena beble; abe alesi ke ko, Kain, fofoa gbãtɔ nɔ le gɔmedzedzea me ene.36 Yuda tsɔ sɔlemedede wɔ fefenue ko. Meɖi anukware vavã le eme kpɔ o. Koŋ la xɔse menɔ esi o; anye ne made Yesu asi gbeɖe o. Ke, mikpɔa, eƒã nuku ma si to vo la. Ebu be yeate ŋu adze ha kple xexeame, mammon, eye yeagadze xɔl� kple Yesu, gake gbada yi nɛ ale be megate ŋu wɔ naneke le eŋu o. Esi ɤeyiɤi de nɛ, esi wòwɔ nu v�ɖi sia vɔ la, egbɔ fli si mã ŋgɔ yiyi kple tɔtrɔ ɖe megbe la ŋu yi. Ele ne be woayi ŋgɔ le mɔ si wòtsɔ la dzi, anye ameblela. Eƒã nuku si to vo la, edi bena yeƒe nu nenyo ɖoɖowɔha gã siwo nɔ anyi le ɤemaɤi la

Page 8: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

8 NYA SI WOGBLƆ LA

ŋu, nenyo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ŋu. Ke ebu be yeakpɔ ga via ɖe, eye yeaxɔ ŋkɔ le amewo dome. Ne menye numa kee wɔ ame geɖewo woɖo nutovo ma me o fĩ, adi be yeƒe nu nenyo amegbetɔ ŋu! Míaƒe nu nenyo Mawu ŋu boŋ, menye amegbetɔ ŋu o. Ke nusiae Yuda wɔ esime nutovo sia va zu ta le eme.37 Ke míenya bena Yesu nye Nya la, Yohanes Kɔkɔe ta I, gblɔ be, “Le gɔmedzedzea me la Nya la li, Eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eye Nya la va zu ŋutilã eye wònɔ mía dome le afii.” Eye, Nya lae nye Nuku la, ekema Nuku lae va zu ŋutilã henɔ mía dome.38 Ne Yuda nye futɔ la ƒe nuku kple nuku si to vo la, ekema eya hã va zu ŋutilã eye wònɔ mia dome le ame si nye Yuda Iscariot me. Xɔse vãvãtɔ, vavãtɔ menɔ esi kpɔ o. Nusi eya ŋutɔ susu be enye xɔse la koe nɔ esi. Nane ƒomevi li esi enye be xɔse nanɔ ame si; kple xɔse sr�wɔea.39 Ke Xɔse vavã si tso Mawu gbɔ la axɔ Mawu dzi ase, ke Mawue nye Nya la, matsɔ naneke akpe ɖe Eŋu o. Biblia gblɔ na mí bena ne míetsɔ nya ɖeka kpee, alo ɖe Nya ɖeka le eme la, woaɖe míatɔ gome ɖa le Agbegbalẽ la me, Nyaɖeɖefia 22:18, ta mlɔetɔ si wu enu la.40 Le gɔmedzedzea me teti la, le Biblia ƒe Agbalẽ gbatɔa me la, Mawu gblɔ na wo be woagada Eme Nyaa ɖeke dzi o, “ele be wòalé Nya ɖesiaɖe me ɖe asi,” edze be woatsɔ Nya sia anɔ agbee. Yesu, le Agbalẽa ƒe domedome, va hegblɔ le Eƒe agbenɔɤi me be, ebe, “Ame manɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ Nya ɖesiaɖe si—si do go tso Mawu ƒe nu me.” Eye le agbenɔɤia ƒe nuwuwu le Nyaɖeɖefia me la, wogblɔ ɖi na mí, bena “Amesiame si aɖe Nyaa ɖe le Agbalẽa me, alo atsɔ nyaa ɖe akpe ɖe Esia ŋuti la, woaɖe etɔ gɔme le Agbegbalẽ la me.”41 Eyata, naneke mado viviti o, ke boŋ, Mawu ƒe Nya vavã tsimatɔe la ɖeɖe ko! Emae nye Mawu ƒe vi ŋutsuwo, kple Mawu ƒe vi nyɔnuwo, amesiwo womedzi to ame ƒe lɔl�nu me o, alo to asinana me o, alo to tsidedeta ƒe nɔnɔme aɖe me o; ke boŋ wodzi wo to Mawu ƒe Gbɔgbɔ me, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye Nya la ɖea Eɖokui ɖe go to wo me. Emae nye Mawu ƒe Nuku vavãtɔ la!42 Futɔ gea ɖe hame me, hezuna hamevi vavã le dzixɔse alo nane me. Gake menye eyae nye…Eya nye nuku si to vo la, nusianu si ke va de nu Mawu ƒe Nyateƒe Nya vavãtɔ ƒe ƒome la me.43 Ke aleke míawɔ hafi anya? Míegblɔna be, “Enyo, ɖe miatɔ medzɔ be miaɖe Egɔme o mahã?” Amegã, kpao! Amea ɖeke tɔ medzɔ be wòaɖe Mawu ƒe Nya gɔme o. Eya Ŋutɔe nye Eƒe nyagɔmeɖela. Edoa Eƒe ŋugbe, emegbe Ewɔa ɖe Edzi, esia nye Eƒe gɔmeɖeɖe la. Ne Edo Eƒe ŋugbe eye Wòwɔɛ la, ekema Eƒe gɔmeɖeɖe lae nye ma. Nu ɖesiaɖe si tsitre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu la zu nutovo! Kakaɖedzitɔe!

Page 9: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 9

44 Azɔ la, abe alesi megblɔe ene la, xɔse vavãa ɖeke menɔ Yuda si o. xɔse sr�wɔea koe le esi. Xɔse aɖe—aɖe le esi si na be ebunɛ bena eyae nye Mawu Vi la, gake menya bena Mawu ƒe Vi lae o. Anye ne mawɔe o. Eye amesi aŋẽ aɖaba ƒu Mawu ƒe Nya sia si nye Nyateƒe la dzi la, xɔse sr�wɔea yele esi. Mawu subɔla vavã aku ɖe Nya la ŋuti.45 Zã aɖewo va yi la, osɔfo aɖe, tso Arizona, le dua me afii, ƒe suku gã xɔŋkɔa ɖe me, va gbɔnye hegblɔ be, “Me—Medi be maɖɔ wò ɖo le nane me” (Megblɔ be…) “ne mɔnu su asiwò ko.” Megblɔ be, “Mɔnu nyuitɔ si li menya lae nye si. Va kpɔm.”46 Ale wòva gbɔnye, hegblɔ be, “Amegã Branham, ele etem kpɔ be…Mexɔe se be eɖia anukware eye nètoa nyateƒe, gake la ele etem kpɔ be yeatsɔ apostolowo ƒe Nufiafia age ɖe xexeame.” Eye wògblɔ be, “Apostolowo ƒe ɤeɤiɤi la nu sẽ ɖe apostoloawo dzi.”47 Megblɔ be, “Nu gbãt� si medi be mabia wò lae nye be, nɔvinyeŋutsu, ɖe nèxɔe se be Mawu ƒe Nya ɖesiaɖe tso Gbɔgbɔ la gbɔa?” Ebe, “�, amegã, mexɔe se kakaɖedzitɔe.”48 Megblɔ be, “Ekema, ɖe nàte ŋu atsɔ afisi apostolowo ƒe ɤeyiɤi sẽ ɖo la afiam le Nya la mea? Azɔ, tsɔ teƒe si wòle la fiam, ekema maxɔ edzi ase abe wò ene.” Eye megblɔ be, “Apostoloawo ƒe nuŋl�la, amesi xɔ Fiaɖuƒea ƒe safuiwo, le Pentekoste ŋkekea dzi la, esime apostoloawo ƒe agbenɔɤia dze egɔme la, wogblɔ be, ‘Ŋutsuwo kple nɔviwo, nuka míawɔ akpɔ ɖeɖe mahã?’ Eɖo ŋu be, ‘Mitrɔ le miaƒe dzi me, mia dome amesiame, eye miana woade mawutsi ta na mi ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔa dzi, hena miaƒe nuv�wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòanye nunana, elabena ŋugbedodo la nye mia kple mia viwo tɔ, kple ame ale sinu le adzɔge, si Aƒetɔ mía Mawu la ayɔ vɛ la.’ Azɔ, aleke Nya la ate ŋu atsi tre ɖe Eɖokui ŋue?” Ŋutsu la gblɔ be, “Vivɔ gãa ɖe ƒo ɖe dzinye le zã sia me.” Megblɔ be, “Nye hã, mesusui nenema.” Mikpɔea?49 Azɔ wò la gblɔe nam, ɖe Mawu gale ame yɔma? Ne Mawu gale ame yɔm la, ekema apostolowo ƒe agbenɔɤi gali kokoko. Kakaɖedzitɔe! Ame alesi nu mía Aƒetɔ Mawu ayɔ, esi woyɔ kpɔ ko, esi ko yɔ ge woala, ame alesi nu ko yɔ ge Wògale, esia ganye apostolowo ƒe agbenɔɤia kokoko, elabena Yesu Kristo nye eyama etsɔ, egbe, heyi mavɔmavɔ me.50 Azɔ, míekpɔ egbe bena woƒã nutovo sia to agbenɔɤiawo katã me va yi. Ne ɖe mate aɖo egbɔ le miniti ewo alo wuiat� siwo gbɔna me la, anye mawɔe, gake mate ŋui o. Le agbenɔɤiawo katã me la…mí katã, mí katã kloe míexlẽna Biblia. Eye azɔ sigbe esime Yesu va, eye Wòke ɖe nutovo ma, si to vovo la ŋuti. Eyae nye Nya si woɖe ɖe go, Eyae nye Mawu ƒe gɔmeɖeɖe na Nya la, elabena Egblɔ be “Miele Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito, elabena miesusu bena miekpɔa Agbemavɔ le

Page 10: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

10 NYA SI WOGBLƆ LA

Wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le Ŋunye.” Eyae nye ma. Eya—Eyae nye Nya la ƒe gɔmeɖeɖe. Eye Mawu ƒe vi nyɔnu kple vi ŋutsu ɖesiaɖe si wogbugbɔ dzi le agbenɔɤi sia me la nye Nya la ƒe gɔmeɖeɖe. Miawoe nye agbalẽ, si woŋlɔ si amewo katã xlẽna. �.51 Mide dzesii be, Egblɔ bena, “Dzodzroe wole subɔ Yem, hele nu si to vo la fiam Nufiafiae. Dzodzroe wole subɔ Yem, hele Nufiafia si nye nu si to vo la fiam, ame ƒe nufiafia, ame ƒe dzixɔsewo, anɔ efiam be enye Mawu ƒe Nya, evɔ meɖo naneke awɔ kple Mawu ƒe Nya la o.”52 Kpɔɖa, agbenɔɤi ɖesiaɖe tse ku aɖe ƒomevi, agbenɔɤi ɖesiaɖe wɔe, eye míatɔ hã meɖe le eme o. Nu ɖeka koe le míasi, ke míaƒe agbenɔɤia nye gã wu wo katã ƒoƒu, elabena esia nye xexeame ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu. Nutovo gãtɔ kekeake si meva anyigba dzi kpɔ o lae, le anyigba dzi egbe. Le agbenɔɤi bubuwo me la, nutovo la he wo ɖa le Nyateƒea kple Mawu gbagbe la gbɔ, heyi ɖe tr�wo gbɔ. Egbe la, Yesu gblɔ le Mateo 24:24 me be, woaɖi wonɔeawo ŋutɔ ale gbegbe, be wòaflu Ame tiatiawo ŋutɔ g� hã, nenye be ele bɔbɔe. Aƒo nu tso nutovo ŋutia! Oo, edze aye ale gbegbe. Satana le amewo dome, eye wonye maŋutinusr�la gã aɖe, Mawuŋuti Nufiala gãa ɖe, si ate ŋu afia Nya la le eƒe blibonyenye me kloe. Yesu gblɔe nenema. Gake le ŋku ɖe eŋu nyuie, afia ɖe anɔ anyi kokoko. Wòagblɔ le be, “Enyo, azɔ, ema ya mele eme o.” Oo, �, ye hã, le eme, mikpɔea, elabena Mawue gblɔ be ele eme.53 Mikpɔ nusi wòwɔ ɖa. Nutovo mawo kee he Mawu ƒe dɔmedzoe va le Noa ƒe ŋkekewo me, esi Mawu dɔ Eƒe nyagblɔɖila ɖa eye wògblɔ mawunya abe dzo bibii ene, eye wòyɔ amewo na dzimetɔtrɔ, ke nutovo la nyr�. Ke nukae Satana wɔ? Egatrɔ va dzaa, geɖe Ham me, eye wogadze eƒaƒã gɔme ake. Esia le eteƒe tututu.54 Emegbe la Mose va, nyagblɔɖila gã ma, be woakplɔ Israel-viwo ayi ɖe gbedzi. Nukae dzɔ? Mose, Mawu ƒe nyaglɔɖila gã la, si tsɔ Nyateƒe vavã vɛ na wo, Nyateƒe si dzi woɖo kpe la. Edo go Mawu. Mawu ɖo kpe edzi bena edo go Ye. Aleke tsã ƒe nenem me mawo, nunɔla mawo, ke woƒe subɔsubɔwo, kple woƒe kɔnuwo, woƒe kɔwo kple nusianu le wo si, gake Mose nɔ tsitre abe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe ƒe kpeɖodzi ene. Migaŋl� esia be o! Mosee nye Mawu ƒe ŋugbedodo ƒe gɔmeɖeɖe. Egblɔ be yele ewɔ ge, eyae nye Mawu ƒe gɔmeɖeɖe.55 Nukae va dzɔ? Hame la do go tso Egipte tetie ma, hele azɔli dzi hena ŋkeke ʋeea ɖewo ko, ke nukae dzɔ? Satana va do kple eƒe nutovo si le amea ɖe me, Kain evelia aɖe, si nye Bileam, eye woƒã nutovo ɖe wo dome. Mienya bena nyateƒee. Bileam sia, Bileam ƒe nufiafia, bena “ame ɖeka ko mi katã míenye, Mawu ɖeka si miesubɔna la kee miawo hã míesubɔna,” le kpeɖodzi nyui nu la, etɔ dzɔ elabena esa

Page 11: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 11

vɔ ma ke si Mawu ŋutɔ hã sa; agbɔ adrẽ, nyitsu adrẽ ɖe vɔsamlekpui adrẽ dzi, eye wòdo gbe ɖa na Mawu ɖeka ma ke abe alesi Mose wɔe le gbedzi ene, nenema ke tututu. Gake la womesɔ o! Vɔvɔli wònye na mí kuɖe nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋuti. Le afisia ke, hã la, Kain ɖe eɖokui ɖe go le—le Bileam ƒe amenyenye me. Eye Mawue nye amesi ɖe eɖokui ɖe go le Mose ƒe amenyenye me, hele Eƒe Nyawo gɔme ɖem le amegbetɔ me, heɖe Eɖokui fia, Eƒe ŋugbedodo, to amegbetɔ dzi. Tete nutovo la tsi tre. 56 Ke nenema wowɔe le Yuda ƒe ɤeyiɤi me, eva gama kple eƒe nutovo la.57 Eye, miɖo ŋku edzi, nuv� sia si dzi ameawo xɔ se, be “mi katã míele ɖeka, míele Mawu ɖeka subɔm, edze be mi katã mianɔ hame ɖeka me, edze be mianye dukɔ ɖeka,” nuv� ma la wometsɔe ke Israel kpɔ gbeɖe o! Yesu gblɔ, Eya Ŋutɔ be, “Wo katã woku!”58 Wòtsr�, wo katã negbe ame et� ko. Woawòe nye amesiwo lé ɖe ŋugbedodo la ŋu hexɔ edzi se. Esime ame beliwo gblɔ bena, “Míate ŋu axɔ anyigba la o, eɖo dɔ na mí akpa,” kple nya bubuwo keŋ la; Kaleb kple Yosua tsi nya ɖe dukɔ la nu, eye wògblɔ bena, “Miesu te glo, elabena Mawu do eƒe ŋugbe na mí! Nyemefɔ le eme nuka kee tsitretsitsi la nye o!”59 Ke míagate ŋu aɖe gbeƒã Mawume dɔyɔyɔ, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyr� faa, eye Mawu ƒe ŋusẽ hã aganɔ mía si esi amã mí ɖa tso xexeame nuwo gbɔ. Ale Mawu gblɔ! Apostolowo ƒe agbenɔɤi nu metso kpɔ o, eye enu hã matso o, ele dzi yim ɖaa.60 Ale, míekpɔ nutovo ƒãla xoxoe ma. Ke miɖo ŋku edzi be, wometsɔ nuv� ma ke wo kpɔ gbeɖe o. Azɔ, nɔviŋutsu, ne wometsɔe ke kpɔ gbeɖe le ɤemaɤi o la, alekee anye fifia esime agbenɔɤiawo katã ƒe nuku la—la ŋutɔŋutɔ le ƒu ƒom mahã?61 Mide dzesi nu gã sia si Bileam wɔ la, eyi dzi ʋuu heva wu enu mlɔeba, le—le Yuda Iscariot, kple Yesu ƒe vava me. Nukae? Yuda kple Yesu wole Kain kple Habel teƒe tututu. Elabena, alesi Yuda nye mawusubɔlae la, nenema ke Kain hã nye mawusubɔlae. Kain ɖi vɔsamlekpui, esa vɔ, esubɔ Mawu, eɖi anukware le eme abe nɔviaŋutsu ke ene. Gake, mikpɔea, ɖeɖefia menɔ esi kuɖe nusi Nya la nye ŋuti o. Esusu be Adam kple Eva la yevutɔ alo atikutsetse aɖee wòɖu. Ke Kain…Habel, to ɖeɖefia me, nyae bena vodadae; ʋu lae ɖe wo do goe, ale wotsɔ alẽvi sa vɔe. Eye Mawu ɖi ɖase be eƒe vɔsa la le eteƒe. Ke eʋã ŋu nɔviaŋutsu hete kpɔ wui. Eye wòwu nɔviaŋutsu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si dzi eƒe vɔsalã la ku ɖo, alẽvia ku ɖe vɔsamlekpui dzi, nenema ke Yuda Isacariot hã de Yesu Kristo asi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi, Hewui abe alesi Kain hã wu Habel ene. Elabena, Kain nye nuku si to vo la.62 Eye nenema kee nye Bileam, agbate nyagblɔɖila ma hã, amea ɖe si wòle be wòanya nu wu ma hafi. Eye Mawu na

Page 12: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

12 NYA SI WOGBLƆ LA

toklãe to dzesiwo kple nukunuwo me, eye tedzi g� hã ƒo nu nɛ le gbegblɔgblɔ bubuwo me, gake eyi dzi nenema ko tẽ. Wodzii be wòanye nuku si to vo la ƒe—ƒe ƒãla.63 Eye ne Yesu gblɔ ɖi le agbenɔɤi sia ŋu be ava wu enu ɖe nutovo gãtɔ si meva kpɔ o la me la, esi nye Laodikea hamea ƒe agbenɔɤi, yɔyrɔe sia, si ɖe Eyama do goe le hamea me la, aleke woate ŋu anye nu bubu wu nutovo mahã! Eyae wònye, vavã. Ewu enu le agbenɔɤi ma me. Eye eganye Kain kple Habel ake le Kalvari.64 Azɔ mide dzesii, sigbe alesi wonɔna ɖaa la, esi Yesu nya dzo kola, hedzo yi Dziƒo la, wodɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖa. Eyae nye Nuku la, Agbe-Nala na Nya la, abe alesi miegblɔe etsɔ fiẽ ene. Eyae nye Amesi dea agbe Nya la me. Ade agbe eme gɔme nye be “agbɔ Agbee.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavã la ɖeko wògbɔa Agbe Nya si Wònye la. Mate ŋu agbɔ Agbe dzixɔse tutɔa ɖeke o, mate ŋui o, elabena dzixɔse mawo ƒe naneke mele Eme o. Enye Mawu ƒe Nya ƒe Agbe, elabena Enye Mawu. Mikpɔea? Eye Ade agbe Ŋutilã ma me.65 Azɔ de dzesii, nusi wòwɔ la. Ke Biblia gblɔe, eye—eye Yohanes hã ƒo nu na viawo, gblɔ bena, “Vi suewo, miese be Kristo ƒe futɔ gbɔna xexeame,” ebe, “ele xexeame xoxo, eye ele dɔ wɔm le vi sẽtowo me.” Azɔ, anɔ abe ƒe blaet� ko ene le Gbɔgbɔ Kɔkɔea ƒe vava megbe. Míekpɔe bena, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va, Nuku vavãtɔ la, Agbe-Nala vavãtɔ na Nukua la, ekema nutovo la hãe nye si gava do. Eye mide dzesii, eyi dzi nenema. Nane le…66 Woɖo kpe Nya vavã la dzi, blema nyagblɔɖilawo ɖo kpe edzi ɖe wonɔewo yome be Mawu ƒe Nyae nye Nyateƒe. Ne amea ɖe xlẽ nu tso Nikea Daŋudeha, alo Do ŋgɔ na Nikae Daŋudeha ŋuti kpɔ la, ŋkeke wuiatɔ mawo ƒe ʋukɔkɔɖi dunyahehe, esime Romatɔwo ƒe hatsotso ma le afima di be yeaɖo nu ne yeawɔ hame ma wòazu kɔmahatsɔŋkɔ. Nyagblɔɖilawo va, le lãgbalẽwu me, eye woɖua amagbewo, ke woʋli Nya la ta! Gake nuka esia wɔ? Ele be woaɖi Kain, Ele be woaɖi Habel, ele be ɖeka naku. Vavã la, Eku. Eye Nya la bù Eƒe hoɖoɖo le ameawo dome, Eye wo katã woda kɔ tsɔ Nya vavãtɔ la ƒu gbe hexɔ Katoliko hame gbãtɔa ƒe nutovo ma ƒe nuɖoanyiwo. Wòtsɔ papa aɖe kpe ɖe eŋu, wòtsɔ bishop aɖe kpe ɖe eŋu, wòtsɔ esi, ekemɛ, kple bubu kpe ɖe eŋu. Wòɖe Petro, kple Maria; ƒe—ƒe—ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔ la ɖa, kple—kple nu mleawo keŋ ɖa; eye wowɔ legbawo, ke menye naneke wowɔ kplii o negbe tr� kɔnu siwo woa ŋutɔ yɔ be Kristo subɔsubɔ la koe. Nuka esia nye? Nuku si to vo lae! Eye wowɔ ɖoɖo, wɔ ɖoɖo, zi gbãtɔe nye ma, hame aɖe wɔ ɖoɖo le anyigba dzi kpɔ. Nuka esia nye? Nuku si to vo ma si dze nuƒãƒã gɔmee, le nane tsɔm kpee, hele nane ɖem le eme.67 Amekae se, le Biblia me kpɔ be, womaɖu ʋulã le Fiɖagbe oa? Amekae se, le Biblia me kpɔ be, nane li si nye tsiwuwu

Page 13: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 13

ɖe nyɔnyr�, alo ɖiɖi ɖe tsi me teƒe? Amekae se numawo tɔgbe kpɔ be, “Medo gbe na wò Maria” alo nu bubu aɖe? Amekae se Protestanttɔwo ƒe bometsinu ƒaƒã mawo hã, ƒe ɖe kpɔ? Nuɖaze mate ŋu ayɔ tsiɖodzoeze be ele yibɔ o. Eme kɔa! Ke, amesi aɖi f� le suetɔ me la, eɖi fɔ le wo katã hã me! Amekae se kpɔ be Mawu wɔ dɔ le ɖoɖowɔha aɖe me? Fiam ɤeyiɤi aɖe si wo dometɔa ɖe wɔ ɖoɖo tsyo vɔ gatsi agbe. Wokuna enumake, eye womegaf�na gbeɖe o! ɣeyiɤi lae nye si be nane nadzɔ, ɤeyiɤi de be Mawu naɖe zɔ. Ewuna hoɖoɖo la le ameawo dome.68 Numa ke wowɔ egbe. Wowu hoɖoɖo la, gblɔ bena, “Oo, mlimlila kɔkɔe mawo ƒe hatsotso, menye naneke kura o.” Ke, nukae, nutovo lae! Do go kple Nya la ŋkume kple ŋkume eye nakpɔ nusi Wònye, kpɔ ɖa be Mawu meɖea Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme o mahã. Mawu ate ŋu any� viwo tso kpe siawo me na Abraham. Amen.69 Woɖo kpe Nya la dzi keŋkeŋ to Kristotɔ gbãtɔawo dzi, alesi Mawu ɖe wo tso nusianu, kple dɔléléwo me, eye nyagblɔɖilawo nɔ wo si, woƒo nu kple aɖeyeyewo, heɖe egɔme, eye wogblɔ gbedeasi siwo fia ɤesiaɤi be enye nyateƒe pɛpɛpɛ la. Gake togbɔ be woɖo kpe Nya mawo katã dzi le woƒe ŋku me hã la, amewo da kɔ hetsɔ Esia ƒu gbe, eye woda kɔ l� ɖe kɔmahatsɔŋkɔ dzi. Eyae nye ɖoɖowɔhawo katã ƒe dada.70 Woa kple eve la katã wotsi keŋ azɔ. Wogatɔ ku tsetse. Eku, gake egaƒo se ake le Luther ŋɔli, abe alesi miekpɔe le ŋdinuɖuƒe ƒe gbedeasi si do ŋgɔ la me ene. Eƒo se le Luther ŋɔli. Azɔ nuka wowɔ? Le ame gã ma ƒe ku megbe teti ko la, woɖo ɖoɖowɔha anyi.71 Egaƒo se ake. Eye ziɖeka ake le John Wesley ƒe ŋkekewo me, esi Anglikanwo, tsɔ woƒe dedienɔnɔ mavɔ kple nusianu blae kaka va ɖo teƒe si wozu xexeame katã ƒe ɖeɖe le kloe, ke nukae dzɔ? Mawu f� amea ɖe si ŋkɔ nye John Wesley ɖe tsitre, eye wòlã nu blibo la katã ƒu anyi. Ke esi wòku vɔ teti ko la, eya kple Asbury kple bubuawo la, nukae dzɔ? Wòwɔ ɖoɖo, eye azɔ la Metodiste ƒomevi geɖewo li. Tsɔ yi dzi la, ame sia alo bubu, Alexander Kampbell, John Smith, kple bubuwo keŋ.72 Mlɔeba la, Pentekoste va dzɔ, hedo go tso esiawo katã me. Nukae dzɔ emegbe? Woƒu du nyuie, ke nukae zu nu klikli na mi? Migatrɔ yi megbe hege ɖe ba ɖeka ma si me miedo go tso la me, mitrɔ yi ʋẽ ma ke me, mitrɔ yi nutovo la gbɔ eye bene miawɔ ɖoɖowɔhawo la, ele na mi be miaŋe aɖaba ƒu Nya la dzi. Eye ɤesiaɤi si Mawu adɔ nu yeye aɖe ɖa la, miate ŋu axɔe o. Ele eteƒee! Nutovo lae ake! Eye, mide dzesii be, abe alesi meglɔe nyitsɔ laa la, tsro sue gbãtɔ ma si do tso kea me la, liana va aŋgbawo me, eye heva ɖona ahadza me, eye wògatrɔ yina atia me ake, hegadona. Lutsro vi sue ma ɖia nuku ŋutɔŋutɔ la kloe. Eye míesusuna be eyae, gake ne eke eme la,

Page 14: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

14 NYA SI WOGBLƆ LA

nukua ɖeke kura mele eme o. Enye kpeɖeŋutɔ na nukua ko be woatsi, ke eya hã kuna, eye agbe la dona le eme enumake heyina nukua me. Mide dzesii be, nenema woyɔna na hame siwo ƒã nu…73 Míekpɔ bena nu siwo míeyɔna be hamewo egbe la, va ɖo Pentekostetɔwo ŋutɔ g� hã dzi la, míedo go, gake míekpɔ dzidzeme o, ele na mí be míaɖo mía ŋutɔwo ƒe hatsotsowo. Nusianu si nya tsitre ko la va be, nusia ɖo lanɔ mía si, nusia ɖo lanɔ mía si, míeɖo laɖo hatsotso bubu anyi. Eye amea ɖe hã atsi tre, agblɔ be, “Ava le Alilikpo ɤia ɖe dzi.” Ame bubu hã agblɔ bena, “Uh—huh, Egbɔna le sɔ ɤia ɖe dzi.” “Esɔ gbe, míaɖo hatsotso eve.” Míkpɔea, nusi wònyea? Aƒã nuku si to vo la! Ne Eva la, nuka kee hã la, ne Eva ko la Aɖe Eya ŋutɔ ƒe Nya gɔme. Mína míalala vaseɖe ɤemaɤi. Milé ɖe…Nuƒoƒo tso nusia ŋuti na be, miese egbe ƒe Gbedeasi la gɔme ŋutɔ hã kura o. Anɔ asi fiam nusi Mawu gbɔna wɔwɔ ge, alo nusi Wòwɔ va yi, ke agbe sidzedze nusi wɔm Wòle la. Mɔ ma dzie nutovoawo to hege ɖe eme.74 Azɔ miede dzesi be mìaƒe egbe hameawo la, mìaƒe hameawo katã—katã woƒã ya, eye wole ahom ŋẽm. Gbedodoɖa takpekpewo megali o, takpekpe siwo mìewɔna tsã la megali o. Nukae le dzɔdzɔm? Míeɖiɖi mɔxetia le nusianu me. Kpɔ ɖa, kakaka va ɖo míaƒe Pentekoste hamewo dzi g� hã, woyɔ fũ kple nyɔnu siwo lu ɖa. Tsã womeɖe mɔ na nusia o. Asisi nu ɖe mo, asisi nu ɖe fetsuwo dzi, kple bubuwo keŋ o; ado go yi ɖadi ŋutsua ɖe le afima kple…abe Rikiwo kple bubuawo ene; woɖe sr� zi et� kple ene, evɔ nye subɔlawo; oo, nutovo kae nye si! Enye ɖiƒoƒo! Aleke wowɔnɛ? Mawu maxɔ esia ɖe Eƒe Hamea me o, ele na wo be woayi ɖoɖowɔwɔ me hafi ate ŋu awɔe. Amea ɖe le vɔv�m be yeagblɔ nyaa ɖe kuɖe eŋuti, elabena wòava nyae do goe le ɖoɖowɔha la me. Mawu, na mí ŋutsu siwo medo ka kple naneke o negbe Mawu kple Eƒe Nya la ko, esiwo agblɔ Nyateƒe kuɖe eŋuti. Nusia tututue hiã mí. Nuka boŋue míewɔ? Míeƒã nutovo la. Míeƒã ya, eye azɔ míele ahom ŋẽm.75 Mide dzesii be wòle ƒu ƒom fifia hena dzotɔtɔ wo. Ðe miede dzesii be, Yesu gblɔ bena, “Gbã, miƒo wo nu ƒu, mibla wo tatata, eye emegbe la mitsɔ tawo katã de ta ɖeka te, eye Matɔ dzo wo.” Ta suea ɖe li woyɔ be Metodiste, Baptiste, Presbyterian, Lutherian, wo katã wòle ƒu ƒom ɖe Xexeame Hameawo ƒe Adaŋdeha me. Nukae wonye? “Miƒo wo nu ƒu gbã!” Aleluya! Ðe miede dzesii be, Eƒo gbe wuwluiwo nu ƒu gbã, heɖe wo ɖa le lua ŋu, hemã wo ɖa, “Miƒo wo nu ƒu ɖekae eye mitɔ dzo wo.” Ele be Mawu ƒe ʋɔnudɔdr� nafiã wo katã, le esi woƒã nutovo ɖe dukɔ la dome ta, nusiwo ke wo…Mawu sosroɖa ƒe nɔnɔme le wo si, gake wògbe eƒe Ŋusẽ la, wogbe nu le Nya la gbɔ, helé ɖe subɔsubɔ kɔnuwo ko ŋuti, si woɖe tso nuɖoanyi aɖe si amea ɖe tsɔ de eme la me, hele agbagba dzem be woatsɔ ɖe ade Mawu ƒe Nya la me. Eya mawɔ dɔ o. Enye nusi to vo la.

Page 15: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 15

76 Medo ɤli egbe, abe alesi wonɔ, na gbaɖegbe nyagblɔɖila gã ma, Amos ene, esime wòge ɖe du ma me, gblɔ bena, “Nyemenye nyagblɔɖila, alo nyagblɔɖila ƒe vi o. Gake ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔv�!” Egblɔ bena, “Ne Mawu ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi.” Egblɔ ʋɔnudɔdr� ɖi ɖe dzidzime ma ŋu, gblɔ be, “Mawu ma ke si míebe yewole subɔsubɔm la eyae atsr� mi.”77 Milé esia da ɖi, ele nyaƒoka dzi, eye miɖo ŋku edzi. Mawu ɖeka ma ke si…Amesiawo katã le nuŋeŋe gã sia ƒom ƒu hena—na Xexeame Hamewo ƒe Adaŋudeha, eye ava nɔ na mi be miage ɖe eme. Miate ŋu anɔ adzɔge nɛ o. Ele be míado le eme ɖeka ɖeka loo, alo míaɖo eme. Dometso nyigba ɖeke mele anyi nɔ ge o. Anye lã ƒe dzesi. Amea ɖeke maƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi xɔ dzesi la ko, alo xɔ nutovo la ko. Azɔ, miganɔ eme o! Mido go le eme! Misi le eŋu! Minɔ adzɔge nɛ! Mawu si subɔm wobe yewole la atsr� wo. Lɔl� Mawu gã si ma… Woagblɔ bena, “Enyo, Yesu do gbe ɖa be mi katã míanye ɖeka.”78 Ke Egagblɔ hã bena, “Aleke miate ŋu azɔ ɖe du, aleke ame eve azɔ, ne womeɖo gbe ɖi hafi oa?” Egblɔ bena, “ɖeka,” abe alesi Eya kple Fofoa wole Đeka ene. Eye Fofo lae nye Nya la, ke Eyamae nye Nya si woɖe ɖe go. Ele “Ðeka” kple Fofo la, elabena Enye Mawu ƒe Nya si ŋugbe wodo la ƒe ɖeɖeɖego. Eye nenema ko wogale egbe, alo ŋkeke bubu aɖe hã. �, amegã. Mawu nye Ðeka. Edi be mìawo hã míanye ɖeka.79 Aleke esia ate ŋu anye ɖeka, esi ɖe gbe be ɖetugbui laƒe medzi vi o, ke ɖe ya megbe o, ɖe gbe nu le Mawume dɔyɔyɔ gbɔ, kple esi, ekem, esi wo katã wole tsakatsaka me nenema mahã? Wodometɔ aɖewo g� mexɔ Mawu dzi se ŋutɔ hã o, mexɔ se be Enye Mawu ƒe Vi la o; woxɔe se be Yosef ƒe vi ko wònye, woyɔ be Mawu ƒe Vi. Nyateƒee. Lutherianwo ƒe venɔvi kemɛa, Zwinglitɔwo, woxɔ esia dzi se, bena, ame nyuie ko Wònye koŋ. Kristomenyasã tɔwo gblɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖe ko Wònye, ame gbɔloa ɖe koe. Metso Mawu me o. Nukaŋutie, ne metso Mawu me o la, ekema Enye ameblela gãtɔ kekeake si xexeame nya. Enye Mawu loo alo Menye naneke kura o. Etso Mawu me! Enye Mawu, Eya ŋutɔ, si trɔ zu ŋutilã nɔ mía dome, le Mawu-Vi la ƒe nɔnɔme nu. Kakaɖedzitɔe, eyae Wònye.80 Azɔ míekpɔ be nutovo la ge ɖe eme. Míenya bena ele aƒii, amea ɖeke mate ŋu agbe esia o. Oo, miatɔwo! Mide dzesii ko. Ele hatsotso ma si be yele Mawu subɔm la tsr� ge. Milé ŋku ɖe eŋuti nyuie.81 Mawu do Eƒe Nuku la. Mele enu wum, elabena ɤeyiɤi de be madze gbedoɖameta flia gɔme. Mawu do Eƒe Nuku la, eye Eƒe Nuku lae nye Kristo. Madidi o magblɔ mawunya tso eŋu le fiẽsi aɖe, kuɖe afisi Mawu tia be Yeƒe Ŋkɔ nanɔ la ŋuti, ne Aƒetɔ l� la, ɖewomahi le ŋdinuɖuƒeawo dometɔ ɖeka me, ne game via ɖe su asinye la. Mikpɔ ɖa, Eyae nye dodo le me ƒe mɔ

Page 16: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

16 NYA SI WOGBLƆ LA

ɖeka la. Eya ɖekae nye Ŋutetetɔ vavã la. Eya ɖekae nye Mawu vavã la, bubua ɖeke megali wu Eyama o. “Nyee nye Mawu, eye Nye ɖeka koe nye Mawu,” Eyae gblɔe. Yesu gblɔ bena, “Esia nye sedede la: Oo Israel, see, Nyee nye Aƒetɔ Wò Mawu, Mawu ɖeka h� Menye. Nyee nye Eyama. Nukata miegale bubu dim? Bubu aɖe le vava ge…Meva le Fofonye ƒe Ŋkɔ dzi, eye miele xɔ Yem o. Ke ame bubu le vava ge le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔ dzi, eye eyae miaxɔ.” Eye Nikae ye wowɔ esia le. “Kristotɔ nènyea?” “Menye Baptistetɔ.” “Kristotɔ nènyea?” “Menye Pentekostetɔ.” “Kristotɔ nènyea?” “Menye Metodistetɔ,” ŋkɔ bubu.82 Ke ne eva ɖo “Yesu Kristo” ƒe Ŋkɔ ma dzi la, Wotona adzɔge Nɛ alesi ko woate ŋui, womedi be yewoawɔ naneke kple Esia o, elabena Eyae nye Nya la eye Nya la ƒoa nu le Eɖokui ŋuti. Mide dzesii, dodo le me ƒe Mɔnu ɖekae! Eyae nye Saron ƒe Rosa-seƒoƒo, Biblia gblɔ be Eyae. Mawu ƒe bubuŋkɔ ɖesiaɖe (le Biblia me la) nye Yesu Kristo tɔ. Enye Alfa, Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu; Amesi nɔ Anyi, esi Li, kple esi Gbɔna; Dawid ƒe Ke kple eƒe ƒome, Dawid ƒe Ke kple ƒome la siaa; Ŋkeɤletivi la, Saron ƒe Rosa-seƒoƒo, Dzogbenya le Baliwo me, Alfa, Omega, Fofo la, Vi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, wo katã le Yesu Kristo me! Eyae nye Yehowa Mawu ƒe ɖeɖeɖego blibo si trɔ zu ŋutilã nɔ mía dome. Nusia tututue Wònye.83 Eyae nye Saron ƒe Rosa-seƒoƒo. Nuka wotsɔ Saron ƒe Rosa-seƒoƒo wɔnae? Wofìãnɛ, Wotugunɛ, be woaɖe ami ʋeʋẽe tso Eme. Ele be woafiã rosa seƒoƒo nyakpɔ la hafi aɖe ami ʋeʋẽe le rosa la me. Eyae nye Agbe dzeani kekeake, agbea ɖeke menɔ anyi kpɔ de Enu o, gake la ele be woafiã Esia le Kalvari.84 Mikpɔea, wotsɔna Saron ƒe Rosa-seƒoƒo ƒe—ƒe amisisi hekɔna ɖe Aron dzi, ele be woasi esia nɛ, hafi wòayi ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkume le kɔkɔeƒe la, le xɔmetsovɔ kɔkɔe la godo. Ele be woasi ami nɛ kple Saron ƒe Rosa-seƒoƒo, hafi wòayi ɖe eme aɖahlẽ ʋu ɖe amenuveve zikpui la ŋu ƒe sia ƒe. Eye amisisi ma ɖo lanɔ edzi be wòanye ʋeʋẽ lilili na Aƒetɔ la, ne etsɔ alẽvi, la ƒe ʋu ɖe asi le eŋku me, esime wohlẽ alẽvi la ƒe ʋu ɖe eya ŋutɔ hã ŋu vɔ megbe la. Yevuboɖawo kple gawo nɔa eƒe awu la to, ele be wòaɖe afɔ ɖe nɔnɔme aɖe nu, anɔ eƒom be “kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe na Aƒetɔ la.”85 Mide dzesii be, Eyae nye Saron ƒe Rosa-seƒoƒo ma, Ʋeʋẽ lilili ma, esi nye Amisisi si nɔa Eƒe dukɔ dzi. Mate ŋu ava Eƒe ŋku me kple dzixɔse, alo nu bubua ɖeke o, negbe ɖe wosi ami na wò kple Saron ƒe Rosa-seƒoƒo la ko, esi nye Nya la. Eyama kee ganye Dzogbenya si le Baliwo me.

Page 17: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 17

86 Azɔ la, aleke wowɔna aɖimuamee? Ne efiã dzogbenya la, akpɔ aɖimuame, akpɔ aɖimuame. Dɔyɔlawo zãnɛ le amedokpɔƒewo. Mitsɔ ŋutsua ɖe si do dɔmedzoe eye meganya ta na eɖokui o, alo nyɔnua ɖe, ne ewɔ nɛ abe tagbɔe le gbegblem nɛ ene, ele zɔzɔm le xɔ me hele ɤli dom, megale eɖokui me o, ke dɔyɔla atsɔ dzogbenya ƒe aɖimuame via ɖe ade eƒe abɔ me alo ʋuka me le afiaɖe, alo ŋutsua tɔ me, ekema wodzea kɔ anyi. Enu atsi hena ɤeyiɤi aɖe. Gake ne aɖimuame la ƒe dɔwɔwɔ nya vɔ ko la, agatrɔ va ake, anyrã ɖe edzi wu alesi wonɔ tsã.87 Gake magblɔe na mi, x�nyewo, emae nye kpɔɖeŋu na Aɖimuame vavãtɔ si woɖe tso Balime Dzogbenya me le Kalvari. Eyae nye Balime Dzogbenya la. Eyae wòfiã le Kalvari. Eyae wogbã gudugudu le míaƒe vodadawo ta, eye Eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Le esia me, le seƒoƒowo la fiafiã me, Eyae nye Seƒoƒo. Eyae nye Seƒoƒo gãtɔ kekeake si mĩe kpɔ, eyae nye Balime Dzogbenya sia, kple Saron ƒe Rosa-seƒoƒo dzeanitɔ. Azɔ wohee ɖe ati ŋu le zã sia me, wokekee ɖe Dziƒo kple anyigba dome, mexɔe se bena, Enyee le ɤemaɤi, boŋ, be—be yeaɖe xexeame ƒe nuv� ɖa ne yeatrɔ dɔyɔyɔ agbɔe na xexeame. Eye Biblia gblɔ bena Eyae nye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.88 X�nye, esi Mawu gblɔ na Mose, le gbedadaƒo, amesi nye—nye Eyama ƒe kpɔɖeŋu, bena nekɔ akɔbli da ɖe dzi. Eye akɔbli le tsitre na nuv� si wodr� ʋ�nu xoxo la, da la le tsitre na, akɔbli da la le tsitre na “nuv� si wodr� ʋ�nu xoxo la.” Alesi ko, akɔbli nye “Mawume ʋ�nudɔdr�,” abe akɔbli vɔsamlekpui si dzi wodana vɔsãwo ɖo ene. Nenema ke Eliya hã wu mo dzi gblɔ bena dziƒo do hẽ abe akɔbli ene, Mawu ƒe ʋɔnudɔdr� si va dukɔ maxɔse si de megbe tso Mawu gbɔ la dzi. Akɔbli le tsitre na ʋ�nudɔdr�, Mawu ƒe ʋ�nudɔdr�. Eye da le tsitre na nuv� si wodr� ʋ�nu xoxo la; eye Yesue nye da ma si zu nuv� ɖe mía ta, eye wòtsɔ Mawu ƒe ʋ�nudrɔdr� da ɖe Eɖokui dzi. Wogbãe gudugudu ɖe mìaƒe vodadawo ta, wode abi Eŋu le míaƒe dzidadawo ta, míaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le Edzi, eye Eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.89 Oo, Mawu na Eƒe atikewɔƒe yɔ fũ kple Aɖimuame, le zã sia me, na wò. Kristotɔ x�nye, èle dɔ lém hele fu kpem. Oo, ɖeɖi te ŋuwò, ɖeko esia wu tsɔtsɔ na wò. Màgate ŋu ado dzi atsɔe fũ o, ana—ana nàtɔtɔ le egbe ŋkeke sia si me míele agbe le la me.90 Đe nese Life Line le zã sia mea, kuɖe numa si wògblɔ ŋutia, bena—bena Rosia be, le ’55 me, “yewoaxɔ xexeame katã tim ɖe yewo ƒe kplɔkplɔte keŋkeŋ mahã”? Hafi nusia nate ŋu ava eme la, ele be Kɔkɔdzoe nava. Ekema aleke gbegbe wotu aƒee, x�nye? Egatsɔ kpui ŋutɔ ɖe mìagbɔ le afii.91 Đe madi Eyama kple wò dzi blibo le zã sia me oa? Eyae nye Dzogbenya si le Baliwo me, eye Eyae nye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Ele teƒe sia le zã sia me be yeakɔ Eɖokui ɖe dzi le Eƒe dukɔ la dome, abe alesi Mose kɔ nuv� si wodr�

Page 18: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

18 NYA SI WOGBLƆ LA

ʋɔnui la, ƒe—ƒe dzesi ɖe dzi ene. Eye menye nuv� ɖeɖe ko o, ke dɔlélé hãe. Miɖo ŋku edzi be, Yesu gblɔ bena, “Abe alesi Mose kɔ akɔbli da ɖe dzi la, nenema, ke woakɔ Amegbetɔvi la hã ɖe dzi.” Nukaŋutie Mose kɔe ɖe dzi ɖo? Đe nuv�, dzimaxɔse, kple dɔlélé tae. Wokɔ Yesu, eya hã, ɖe dzi ɖe nuv�, dɔlélé, kple dzimaxɔse ta. Nu ɖeka ma ko Wònye.92 Azɔ, le fiẽ sia la, esi míele ŋkeke siwo me nutovo gã sia li la, Yesu Kristo do ŋugbe le Luka me be, le ŋkeke siwo…do ŋgɔ na Aƒetɔ la ƒe Vava la, anɔ abe Sodom ƒe ŋkekewo ene, esi Amegbetɔvi la aɖe Eɖokui afia, abe alesi Amegbetɔvi la ɖe Eɖokui fia Abraham tsã ma ene; Elohim, Mawu, si trɔ zu ŋutilã nɔ amewo dome, henɔ anyi kple Abraham eye wofia nui, hegblɔ susu si wɔm Sara le nɛ (esi le Eƒe megbe) le agbadɔ la me, evɔ Mekpɔe hafi o. Egblɔ nusi…Eye Wòyɔ eƒe ŋkɔ be, “Sara.” “Abraham,” menye eƒe—menye eƒe ŋkɔ Abram, si woyɔ na nɛ tsã o, ke boŋ Abraham. Menye Sarai o, S-a-r-a-i o; ke boŋ S-a-r-a, “Afika sr�wò, Sara le?” Ebe, “Ele agbadɔ me le megbe Wò.”93 Egblɔ be, “le ƒe si gbɔna ƒe woaleawoɤi la magatrɔ va gbɔwò.” Ke eko nu. Egblɔ bena, “Nukatae wòko nu?”94 Azɔ, Yesu gblɔ bena, “Hafi woaƒo nutovo gã sia nu ƒu atɔ dzoe teti la, bena Amegbetɔvi la aɖe Eɖokui afia le nɔnɔme ma ke me abe alesi Wòwɔe tsã ene.” Eye anye…Nuka wòanye? Enye ekɔkɔ ɖe dzi, yeye, le mia ŋkume, bena Yesu Kristoe nye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Mixɔe dzi sea? Ekema mina míade ta to hena gbedodoɖa.95 Mawu Lɔl�a, míel� Wò. Wò Nya yɔ fũ ale—ale gbegbe kple Nunyiame na mí, Aƒetɔ. Míel� Esia ŋutɔ! Míele agbe ɖe Eŋu, Aƒetɔ. Ewɔ abe míaƒe nutete mesu gbeɖe kpɔ o. Wò kpl� ŋuti nɔnɔ doa dzidzɔ namí, anɔ Wò nya ŋu, ahakpɔ yayrawo, Aƒetɔ, ne míeva ƒoƒu alea la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo Mawu-Vi la tsɔ Ʋu ƒlee la, amesiwo woƒle kple Wò Ʋu. Tete míeva teƒe sia fiẽ sia, Aƒetɔ míetsɔ zã sia ɖo anyi hena gbedodoɖa ɖe dɔnɔwo ta. Eye le Ŋɔŋlɔawo nu la, Ègblɔ bena “wotsɔ kabiawo yɔ dɔ mí.” Ekema gbedodoɖa megahiã o (ɖeko míaʋu míaƒe nuv�wo me), elabena to Wò kabiawo me míekpɔ (ɤeyiɤi si vayi) dɔyɔyɔ. Oo, ɖeɖe ŋkeke gã kae nye sia! Ŋugbedodo gã kae—gã kae nye sia Imanuel do! Eye bena Esia nye Nyateƒe madamada.96 Ègblɔ bena, “Esusɔ ʋee ko eye xexeame megale kpɔ Ye ge o, ke miawo la miakpɔm, elanena Me” (ŋkɔ teƒenɔnya “Me”) “Meli kpli mi, eye mia me g� hã, vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” Eye le ɤeyiɤia ƒe nuwuwu la, nuwo ƒe nuwuwu gã sia la, Ègblɔ bena, teti hafi esia nava eme la, aganɔ pɛpɛpɛ abe alesi wònɔ hafi dzo dze Sodom dzi hefiã tr�subɔsubɔ ƒe xexeame, bena Amegbetɔvi la ƒe ɖeɖefia agava ake abe alesi wòdzɔ le Sodom ene. Fofo, na be amewo nagadae ƒu o.

Page 19: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 19

97 Eye mele gbe dom ɖa, Mawu, abe amesi metrɔa asi le nya ŋu o, (ne megblɔ nya gbegblẽ aɖe la, tsɔe kem), le nye hɔhl� la me. Mel� wo, Aƒetɔ. Me—mele gbe dom ɖa be woagadae ƒu o. Na be esia nanye zã gãawo dɔmetɔ ɖeka, Aƒetɔ. Na dɔléla, nuwɔametɔ, ŋkuagbatɔ, nuka kee woɖanye va afisia la, Aƒetɔ, ɖesiaɖe nakpɔ dɔyɔyɔ le zã sia me dzro. Na be nuv�wɔla ɖesiaɖe nakpɔ ɖeɖe. Fifi laa le woƒe dzi me la, ne dzimaxɔsetɔ wonye la, ke wo nexɔ Kristo le ɤeɤiɤi sia me dzro. Na wòava eme dzro Fofo. Ye katã le asiwo me. Míegblẽ mía ɖokuiwo ɖe asiwò me, be míakpɔ Wò nava mía dome.98 Eye Ègblɔ be, le Yohanes 14:12 me, “Amesi xɔa Dzinye sena la, dɔ siwo wɔm Mele la, eya hã awɔe.” Ale míenya bena Èɖea ɖokuiwo fiana amewoe nye si, elabena Wòe nye Nyagblɔɖila si Mose gblɔ be atsi tre. Womegaxɔ nyagblɔɖila kpɔ o anɔ ƒe alafawo, nutovo la va le akpa sia kpa, ke hã la ele be Mawu ƒe Nya nawu enu; Eyata Nya la trɔ zu ŋutilã, eye nenema ke nutovo la hã wɔ. Ke, Fofo, míegale ekpɔm egbe, nutovo la va zu ta gã blabla ɖeka; Eye míekpɔ Nya la hã gbɔna nenema ke. Yra mí zã sia dzro, Fofo. Míetsɔ mía ŋutɔwo kple Wò Nya la de asiwò me. Nusianu si nèdi be yeawɔ kple mí la, tsɔ mí wɔe, Aƒetɔ. Le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.99 [Nɔvinyɔnu aɖe do aɖeyeye. Nyaƒoka la ɖi ƒuƒlu—Tala.] Míenya nusi Wògblɔ o. Ðewomahĩ Ele didim be yeagblɔ nyaa ɖe na mí, eyata minɔ bubudede me sẽ. [Nyaƒoka la ɖi ƒuƒlu. Nɔviŋutsua ɖe na gɔmeɖeɖe la—Tala.]100 Amen. Miexlẽ nusia kpɔa [Nyaƒoka la ɖi ƒuƒlu—Tala.] Ŋɔŋlɔa me afisi futɔ la gbɔna, esime wo katã woƒoƒu, eye wo…futɔ la ƒe ŋusẽ kpe ale gbegbe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ dze amea ɖe dzi, heƒo nu nɛ, eye wògblɔ nya ɖi, hegblɔ afisi woayi ade xa ɖo la, eye wotsr� woƒe futɔwo. Egaɖo afima ke. Teƒea ɖe li afisi natsr� wò futɔ la le, mikpɔa, Lé Mawu ƒe asi ɖe asi. Mawu ƒe asi lae nye Kristo, Nya la, yegblɔm mele, eyata, mitsɔe ɖe miaƒe dzi me le zã sia me esime míayɔ gbedoɖameta flia.101 Mexɔe se be Billy gamã gbedoɖameta gbalẽviawo egbe. B, B tɔe, míatsɔ B, blaenyi vɔ at�. Eto zã me la, míeyɔ wuiat� le eto zã me. Edziedzi la míedzea agbagba xɔna wuiat� lɔƒo le zã ɖeka me. Ekema, milé miaƒe agbalẽviawo ɖe asi, Míele wo xɔ ge, azɔ. Miatee kpɔ be ade wuiat� mahã. Blaenyi vɔ at�. B, abe alesi woŋlɔna Branham ene, minyae. B, blaenyi vɔ at� vaseɖe alafa. Eye mía…Mína miakpɔ ɖa, ameka sie B, blaanyi vɔ at�a le, nèkɔ asi yi dzi. Eka ɖe edzia…Oo, ele megbe ke, esɔ gbe, blaenyi vɔ at� va ŋgɔ.102 Azɔ, vinye…Le esiata be ɖewomahĩ amedzrowo anɔ afisia la, amesiwo manya alesi wòyina edzie o. Vinye va afisia, alo amea ɖe ko, nenye be mate ŋu ava o la, Nɔviŋutsu Borders, alo ame bubu aɖe. Ame aɖe nava ŋgɔ afii, eye wòatsɔ agbalẽvi siawo, alafa ɖeka sinu, eye wòanɔ te ɖe amewo ŋgɔ afɔtɔe.

Page 20: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

20 NYA SI WOGBLƆ LA

Ekema atsɔ agbalẽvi la na mi, Eya mate ŋu agblɔ na wò ne wòe atɔ ɖe nyagblɔkpe dzi le afisia o, menya o. Eye nye hã nyemenya o. Mevana zã sia zã, heɖena ewo alo wuiatɔa ɖewo, le agbalẽviawo dome, le afiaɖe ko. Ema meɖo nyaa ɖeke kple wò dɔyɔyɔ o. Ate ŋu anɔ anyi ɖe teƒe ma tututu. Kpɔ, zã si va yi la ɖa. Ame nenie nɔ afisia eto zã si va yi me, mikɔ asi dzi míakpɔ? Alesi amewo kpɔ dɔyɔyɔ le ameha la dome le takpekpea me!103 Azɔ, emae nye blaenyi vɔ at�, blaenyi vɔ ade, blaenyi vɔ adre, blaenyi vɔ enyi, blaenyi vɔ asieke, blaasieke. Mina woava fifi laa. B, blaenyi vɔ at�, blaenyi vɔ ade, blaenyi vɔ adre, blaenyi vɔ enyi, blaenyi vɔ asieke, blaesieke. Ema anye ɖeka…Godoo la, míhiã…ke ne amea ɖe tɔ…Bubu enye si, “�, eye ana woade pɛpɛpɛ. Blaasieke, tso blaasieke dzi yi alafa azɔ. Blaasieke, blaasieke vɔ ɖeka, blaasieke vɔ eve, blaasieke vɔ et�, blaasieke vɔ ene, blaasieke vɔ at�, blaasieke vɔ ade, blaasieke vɔ adre, blaasieke vɔ enyi,-asieke.104 Ne mate ŋu azɔ o, ne ènye…mekpɔ bena dɔnɔkekevi eve, alo et� aɖewo le afisia fifia, wole ene nye ma, si mexɔ se be, mate ŋu akpɔ. Ne gbedoɖameta gbalẽvi le asiwò la, esi—esi gɔme nye be woyɔ wò nɔmba la, evɔ màte ŋu azɔ o la, kɔ wò asi ɖe dzi ko, míatutui ava afisia.105 Ke ne gbedoɖameta gbalẽvia ɖeke mele asiwò o hã la, nɔ afima, eye nàdo gbe ɖa, agblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, na—na—na woanye nyee le zã sia me.” Ame nenie le xɔ sia me si mexɔ gbedoɖameta gbalẽvi o, mikɔ asi ɖe dzi. Oo, miatɔwo! Esɔ gbe, azɔ mina míagblɔ esia ko, mekpɔ mɔ be maɖi busubɔbɔ le miaƒe to me o. Gake nyɔnua ɖe nɔ anyi gbeɖeka kpɔ, amesi si gbedoɖameta gbalẽvi menɔ o, míagblɔe nenema. Enɔ eɖokui mimim to ameha la me, egblɔ bena (azɔ miɖo to nyuie), “Ne mate ŋu aka Ŋutsu ma ƒe awu toga ŋuti ko la, nye lãme lasẽ.” Ame nenie nya ŋutinya sia? Enyo. Ke nukae wòwɔ? Eka asi Eŋu dzaa, heyi ɖanɔ anyi. Eye Yesu trɔ, Enya afisi wòle. Ele eteƒea? Enya kuxi si nɔ edzi la. Ele eteƒea? Enya nusi nye eƒe kuxi la, eyata Egblɔ nusi eƒe kuxi la nye nɛ. Kasia wòse le lãme be ʋu sisi la nu tso. Ele eteƒea? Elabe nuka? Eka asi Eŋu.106 Azɔ, Kristotɔ nenie le afisia zã sia me nya be, le Hebritɔwo nu la, Hebritɔwo ƒe Agbalẽ, bena Yesu nye Nunɔlagã fifi laa, Nunɔlagã si nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo mahã? Eyae Wònyea? Esɔ gbe, ke ne Eganye Nunɔlagã ma ke, hele dɔ ma ke nu la, Nunɔlagã la, ke aleke Wòawɔ nue? Agawɔe nenema ke abe tsã ene. Èle edzi xɔm le sesema? Agawɔ nu nenema ke abe tsã ene, ne ɖe miate ŋu axɔe ase ko. Esɔ gbe. Ame nenie xɔ esia dzi se, ado asi ɖe dzi, agblɔ bena,“Mexɔe se vavã mahã”?107 Esɔ gbe, hafi woaɖo gbedoɖameta flia la, mína míaɖo gbedoɖameta fli ɖe egodo afima. Menya be Ele afisia. Me—Me—Mele Eƒe Amegbɔnɔnɔ ŋkɔ sem, eye me—menya be

Page 21: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 21

Ele afisia. Miva. Gbedoɖameta flia sɔ gbea? Esusɔ vie mayɔ ame tso afima. Wò ya—wò ya do gbe ɖa ko, Nàxɔe se, kpɔ esia dzi ɖaa ko nàdo gbe ɖa.108 Aƒenɔvi suea ɖe nɔ anyi ɖe afisia le nye mo kpɔm tututu, enɔ aƒenɔa ɖe si ɖɔ gaŋkui gbɔ. Miele Esia kpɔm be etɔ ɖe nyɔnu ma ƒe tame oa? Mikpɔ afii. Mikpɔea? Ele dzidɔ lém. Èxɔe se be Mawu ayɔ dɔ yea? Ne exɔe se la, kɔ wò asi ɖe dzi. Wò dɔlélé lae nye ma. Ele eteƒe. Azɔ ne eyae nye wò dɔlélé la, ekema kɔ asi dzi ne amewo nakpɔ, do asi ɖe dzi nenema. Azɔ, megale ŋuwò azɔ o. Wò xɔse la yɔ dɔ wò.109 Enye eyama etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Oo, nutovo la li; gake Yesu Kristoe nye eyama etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Ðe esiae nye…Azɔ miyi gbedodoɖa dzi ko, mikpɔa, mehiã be mianɔ ŋgɔ le afii godo hafi o, ele be mianyae nenema.110 Azɔ, nyɔnua ɖe nye si. Nusi ko menya la, enye bena nyemekpɔe le nye agbe me kpɔ o, nyɔnua ɖe ko wònye tsi tre ɖe afisia, eye gbedoɖameta gbalẽvi le esi, ke menya be wole ye yɔ ge alo womayɔ ye o. Fiafia ko amea ɖe tsɔ gbedoɖameta gbalẽvi la na wò eye nè—woyɔ wò nɔmba, ke ɖeko nèzɔ va afisia. Menye nenemae oa? Ke nyemate ŋu anya nusi nènye la to mɔa ɖeke nu o, amesi nènye, afisi nètso, nusi dim nèle, nyemenya naneke kura tso eŋu o. Ŋutsu ko menye, wò hã nyɔnu nènye. Ele eteƒe. Nudzɔdzɔ sia va eme kpɔ le Biblia me, le Yohanes Kɔkɔe, ƒe ta 4 lia me.111 Azɔ àgblɔ be, “Nukae nèwɔ, Nɔviŋutsu Branham, fifi laa, eteƒe medidi o?” Đeko medo gia vie ko, ekpɔea. Nyemenya o, èkpɔa. Ele nɛ be wòawɔe. Nyemenyae o. Alekee nyɔnu kemɛ wɔ? Nyemekpɔ nyɔnu ma kpɔ le nye agbe me o. Amedzro koŋ wònye nam. Mexɔe se be nyɔnua ɖee. Amekae nye amesi ƒe lãme sẽ fifi laa le ameha la dome? Đee nà…�hẽ. Míenye amedzrowo na mía nɔewo. Ne esia le eteƒe la, ekem ʋuʋu wò asiwo alea. Mikpɔea? Nyemekpɔ nyɔnua kpɔ o. Gake enɔ afima, henɔ exɔm se. Azɔ, eka asi Nane ŋu, alo oa? Maɖe vi aɖeke be wòaka asi ŋunye o.112 Ke azɔ miate ŋu akpɔe bena Biblia nye Mawu ƒe Nya la pɛpɛpɛ oa? Eyae nye eyama etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Míawo míezu agbadɔwo na Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma si nye Kristo. Mikpɔea? Emae nye Nuku vavã la. Ekema ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavãtɔ ge ɖe Nya ƒe Nuku vavã me la, menye…Mele akpa ɖe ko xɔ ge Nɛ o (elabena, Abosam wɔna Esia ŋudɔ), ele be nàxɔ Esia bliboe, mikpɔea, Eme Nya ɖesiaɖe; elabena, menye Mawu afã Ye o, Mawu blibo Wònye. Mikpɔea? Eye numae dzɔna.113 Azɔ, nyɔnua ɖe nye si, nyemekpɔ kpɔ o. Yesu do go nyɔnua ɖe nenema tɔgbe kpɔ, ɖewomahĩ menye le nɔnɔme ɖeka ma me ye o, nyemenya o. Ke enɔ vudo to. E—Ehiã be wòayi ɖe Samaria. Eye míekpɔ bena, Samaria le togbe la te. Ke—ke Eyina ɖe Yerixo, bɔŋ, eye Wòva to Samaria kasa, heva Sixar dua me. Tete Wònɔ anyi ɖe vudo to, hedɔ Eƒe nusrɔlawo ɖa be woayi ɖaƒle nuɖuɖu vɛ.

Page 22: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

22 NYA SI WOGBLƆ LA

114 Amegbetɔ ƒome nenie le xexeame? Et�. Ham, Sem, kple Yafet ƒe amewo. Mí katã miedo tso Noa me. Ke xexe mamlea tsr� le ɤemaɤi. Negbe amegbetɔ ƒome et� ko, esiwo nye Yudatɔwo, tr�subɔlawo, kple Samariatɔwo (esi ke nye Yudatɔ kple tr�subɔlawo afã kple afã). Eye woawo koe nye amegbetɔ ƒome siwo le xexeame, mikpɔea, ame et� koe.115 Nusianu si le Mawu me la dea blibo le et� me. Abe alesi menɔ nu ƒom zã sia kuɖe nu et�awo: Nutovo ƒe ɖoƒe etɔawo ŋuti ene, ɖoƒe etɔ siwo Nya la trɔ zu ŋutilã le, kple bubuawo. Èkpɔea?116 Azɔ, ke Eya—Eya amesi ƒo nu na Yudatɔwo la, esi gblɔ na Filipo, esime wòkplɔ Natanael vɛ, bena afisiae wònɔ, hegblɔ bena, “Mekpɔe esime wòle gbotia te.” Egblɔ na…Andrea hã kplɔ Petro vɛ, Egblɔ nɛ bena, “Ŋkɔ wòe nye Simon, ke tso azɔ dzi la woayɔ wò be ‘Petro’.” Ebe, “Wòe nye Yona ƒe vi.” Mikpɔea? Azɔ woawo katã wonye Yudatɔwo.117 Ke le afisia la Eyi ɖe Tr�subɔlaa ɖe gbɔ…menye Tr�subɔla o, ke boŋ Samaria tɔe.118 Fifiae nye Tr�subɔlawo ƒe ɤeyiɤi. Mewɔ nusia na Tr�subɔlawo kpɔ o. Midzro Ŋɔŋlɔawo me kpɔ. Kpɔ gbeɖe o. Gake Edo ŋugbe, le Luka 22, bena Yele ewɔ ge do ŋgɔ teti ko na eƒe Vava la.119 Ke esi Wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe afima la, eye Yudatɔ kple Samariatɔ afã kple afã aɖe nye si va do, nyɔnua ɖee. Eye Wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, nam tsi Mano.”120 Egblɔ nɛ bena, “Nukaŋutie, mele be nàbia num, nene gbegbe o. Míenye…Ameɖeɖeɖeaga le mía dome. Yudatɔ Nènye, ke—ke nyea menye Samariatɔ.”121 Egblɔ nɛ bena, “Ne ɖe nenya Amesi èle nu ƒom kpli la, anye ne wòe abiam tsi be yeano.” Nukae nye ma wɔm Wònɔ? Enɔ ka dom kple eƒe gbɔgbɔ. Eye enumake esi Wòde dzesi nusi nye eƒe kuxi la ko la, enyo, Egblɔ nɛ be neyi ɖayɔ sr�a vɛ. Eɖo ŋu be ɖeke mele ye si o. Egblɔ nɛ be, “Ele eteƒe, at� nɔ asiwò kpɔ.”122 Azɔ, kpɔ ɖa, esime Farisitɔwo kpɔ be Ewɔ nu ma la. Esɔ gbe, nutovoe nye ma le Nya la me tututu, nuka wogblɔ? Wobe, “Ŋutsu Sia nye Belzebub, afakala.” Mikpɔea?123 Ke Yesu gblɔ bena, “Amesi ke agblɔ nenema ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti ne Eva le dɔ sia ke wɔm la womatsɔe kee gbeɖe o.” Miaƒe Nutovo la ke koe ma. Mikpɔea? Gake, Egblɔ be Yeatsɔe ake wo le ɤemaɤi, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meva haɖe o; Vɔsasa, si nye Alẽvi la mekpɔ ku o.124 Evɔ nyɔnua mebui nenema ɤemaɤi o. Nyɔnua gblɔ bena, “Aƒetɔ, medze sii be nyagblɔɖila Nènye.” Anɔ ƒe alafawo va yi la womegaxɔ nyagblɔɖila kpɔ o. Ebe, “Medze sii be, nyagblɔɖila Nènye. Azɔ, míenyae be, ne Mesia, si wogayɔna be Kristo, ne Eva la, dɔ sia kee Wòawɔ.”

Page 23: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 23

125 Enyo, ne dɔ mae Wòwɔ tsã la, Ekema, Eyae nye eyama etsɔ, egbe. Nenemae Wòɖe Eɖokui fiae le ɤemaɤi, ɖe menye nu ɖeka ma ke egbe oa? Ele be wòanye nenema! Azɔ, nyɔnua ɖe kple ŋutsua ɖee nye si gava kpe ake le afisia. Menye nyɔnu ma ye o, Nye hã nyemenye Ŋutsu ma o. Ke hã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke koe le afisia, ke Edo ŋugbe be dɔ siwo Yewɔ la, dɔ mawo ke míawo hã míawɔ le ŋkeke siwo me woaɖe Amegbetɔvi la afia.126 Azɔ la, nyemenya wò o (eye ènya be nyateƒee), amedzrowo míenye na míanɔewo koŋ, eye nètsi tre ɖe afisia. Nanewo li…ɖewomahĩ nane gblẽ le ŋuwò, ɖewomahi ɖeke meli o, nyemenya o. Gake ne Aƒetɔ Yesu aɖee fiam, to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi, nusi ke nye wò kuxi la, ekem ɖe naxɔe se bena, Esia nye Mawuvi la, eye menye amegbetɔe oa? Esia nye aɖakago aɖe ko, agbadɔ sia si ke—si ke zãm Mawu le la koe, amesiame si ke ko Wòtia la. E—Ewɔnae le eya ŋutɔ ɖokui ƒe amenuveve kple tiatia me. Nenemae, gake èxɔe se. Àxɔe sea? [Nyɔnua gblɔ bena, “Amen”—Tala.]127 Ame nenie le ameha la dome axɔe ase? Mí ame eve la katãe nye si le tsitre ɖe Kekeli la ŋkume, bena míekpe le agbe sia me kpɔ o, nyemenya naneke kuɖe amesi nyɔnu ma nye la ŋuti o, nusi wònye, afisi wòtso, nusi dim wòle la ŋuti o. Nyemekpɔe kpɔ le nye agbe me o, abe alesi ke nyemekpɔ nyɔnu kemɛ ɖaa si le gama hã kpɔ le nye agbe me o ene. Gake, mikpɔea, nusiae mele agbagba dzem be miawɔ: miɖe nutovo ma ɖa le mia dome azɔ, eye míaxɔ Nya la dzi ase esime Nya la trɔ zu ŋutilã le mía dome le teƒe sia. Nya la trɔ zu agbe le mía ŋutɔwo ƒe ŋutilã me, esi fia Mawu ƒe Amegbɔnɔnɔ.128 Azɔ, Nena be wòava me nɛ dzro. Ele nu nyuia ɖe dim. Konɔ wònye, ele vi dim. Exɔ abe ƒe blaene ene. Menye nu sesẽ kura koŋ o.129 Le egodo afiaɖe ɖaa fifi laa la, nyɔnua, ɖewo li si tsi ko woƒe agbe blibo, eye wova nyagblɔkpea dzi alea ke, eye Aƒetɔ na viwo wo. Mia dometɔ siwo nyae nenema le egodo afima la mido asi ɖe dzi. Mikpɔea? Mikpɔea? Mekɔ nyɔnuvi lɔl�a ɖe nyitsɔ, Kwasiɖagbe, esi medzo le afisia vɔ megbe, Le Kwasiɖagbe ɤetrɔ, esi ƒe dada nye konɔ tsã, ke Aƒetɔ la ƒo nu. Eye nyɔnuvi sue la, nu vi sue nyakpɔ ŋutɔa ɖe, ele afisia? Afika wòle? �hẽ. Eyae nye si, le afisia tututu, enɔ anyi ɖe gbɔnye afisia. Dadaa nɔ anyi ɖe afimɛ ɖaa. Nyɔnuvi lae nye si, eya ŋutɔ. Mile ekpɔma? Enye Nya si wogblɔ tso Mawu gbɔ la.130 Azɔ, ɖe nàxɔ Edzi se kple wò dzi bliboa? Đe nèxɔe se be yayra ma si le mewo, esi ŋkɔ sem nèle fifia la, nye Mawu ƒe ŋuɖoɖoa? Ne Mawu ayɔ wò ŋkɔ nam, bene natsɔ ŋkɔe na ɖevia la, àxɔe sea? Ekema, Aƒenɔ Thompson, heyi aƒeme eye nadzi vi si dim nèle la, ne ate ŋu àxɔe se kple wò dzi blibo ko.

Page 24: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

24 NYA SI WOGBLƆ LA

131 Èxɔe se kple wò dzi bliboa? Xɔse nenɔ asi wò ko, megake ɖi o, xɔ Mawu dzi se ko. Mawue nye Mawu.132 Èf�a, amegã? Meka ɖe dzi be míawo hã míenye amedzro. Zi ɖeka si mekpɔ wò kpɔ le nye agbe me, menya la, yenye esi nègbɔna ɖe gama. Ke mesusu be Nɔviŋutsu Shakarian tɔɖia ye nènye, alo ameka…Mashagian, Nɔviŋutsu Mashagian, si nye hadzila, le esime nèzɔ va yina. Eye mekpɔ bena èzɔ yina gbedoɖameta flia gbɔ. Azɔ, esi nye amedzro kpliwò la, eye, alo na wò boŋ la, eye nye si nye amedzro, enye alo wò la. Azɔ, ne Aƒetɔ Yesu agblɔ nane si ne—si ɖewomahi nèle didim la, na míagblɔe ko nenema; agblɔ na wò nusie la, agblɔ nusi dim nèle la nam la. Azɔ, Etsɔ esia nawò xoxo. Nusi ko hiã lae nye xɔse sɔgbɔ be naxɔe se.133 Azɔ, ame nenie se egɔme? Xɔse sɔgbɔ be wòaxɔe ase be nusi yebia la su ye si! Mikpɔea?134 Azɔ, azɔ, ne ele teƒe sia le nane dim, eye Eyama àte ŋu agblɔ nusi nye wò didi la nam la, ke mienya be nye menya miaƒe didi o, ekema ele be wòanye Nane kokokoe le afisia le ewɔm. Azɔ, le Nya la nu la, Edo ŋugbe be numae Yeawɔ. Enya woƒe dzime susuwo. Ele eteƒea? Esɔ gbe.135 Didi veviea ɖe le mewò be yeƒe lãme nasẽ. Nu ɖekae nye bena, nètsi dzodzodzoe le wò susume, dzodzodzoe ale gbegbe. Ele eteƒe. Nu bubu enye bena, tumevee le ŋuwò, eye tume la nɔ gã ɖe dzi ŋutɔ tso keke ɤeaɖeɤi ke, wowɔ dɔ na wò ɖe eta kpɔ ŋutɔ hã. Esiae nye ALE AƑETƆ GBLƆ LA. Nyateƒee. Èkpɔea. Ele eteƒe. Eye nu bubua ɖe hã nye esi, wò didi deto lae, nye bena, èle didim be yeaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe amenyɔnyr�. Esia le eteƒe tututu. Va afii.136 Mawu Lɔl�a, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ dzi la, na amesia nayɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzro, hafi woadzo le teƒe sia, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

Azɔ, xɔ Esia nɔvinye ŋutsu. Xɔse nenɔ asiwò ko, gake ɖi o.137 Èf� nyuia? Mesusui nenema, le nusi le nyanya me nam nu, bena míenye amedzro na mía nɔewo. Ne esia le eteƒe la, nukaŋutie, bene amewo nanya ta la, do asi ɖe dzi ne woakpɔ be míenye amedzrowo. Nyemekpɔe le nye agbe me kpɔ o, si le nyanya me nam o. Eye mesusu be eya hã mekpɔm kpɔ o, negbe le amehawo dome ko. Elabena Dziƒo Fofo la nya, eye Eƒe Nyae lae nye si le afii, bena nyemekpɔ nyɔnu sia kpɔ, wòle nyanya me nam le nye agbe me kpɔ o. Eyata, nyemate ŋu anya nusi ta nèva afisia ɖo o, nyemenya naneke le amesi nènye, nusi, alo naneke kuɖe ŋuwò o. Nyemate ŋu agblɔ nyaa ɖeke nawò o.138 Nu ɖeka koe, yenye nunana. Ne ɖe mate ŋu…Abe alesi meɖe egɔme míese fifi laa. Đeko meva afisia, heɖo to nusi Wògblɔ; nusi mekpɔ la, mate ŋu agblɔe. Nusi Eyama megblɔ o la, nyemate ŋu agblɔe o. Anye magblɔe le ɖokuinye si, eye manye nyateƒe o. Mikpɔea? Manye nyateƒe o. Ke nenye Eyae

Page 25: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 25

gblɔe la, anye nyateƒe madamada la. Mate ŋu gbeɖe kpɔ, ada ƒu o. Zi alesi Woganye Mawu la, mada ƒu kpɔ o. Mikpɔea? Mikpɔea, elabena Mawu mate ŋu ada ƒu o.139 Ke ne Mawu ate ŋu agblɔ nusi dim nèle nam la, nusi wò didi la nye, alo—alo nusita nèle afisia ɖo la, nane si nèwɔ va yi, alo nane, nane nenem tɔgbe, alo amesi nènye, afisi nètso, alo nusianu si Wòdi be yeagblɔ nam la ko, ɖe nàxɔe sea? Akpe na wò.140 Nu ɖekae nye be, afɔwo le ve wòm. Afɔwo le fu ɖem na wò. [Nyɔnua gblɔ be, “�.”—Tala.] Ele eteƒe. Kɔ wò…Aŋɔmeɖui le ŋuwò, asiɖoanyi masɔmasɔ. [“�.”] Eye didi gãa ɖe le wò dzime, elabena medidi o la ebu wò amea ɖe alo nane. Ŋutsuvie, ke viwò ŋutsuvi la do go dzo le aƒe me, esí dzo, eye nèdi be mado gbe ɖa ne wòatrɔ gbɔ. [“�.”]141 Mawu si le Dziƒo, dɔ via ɖo ɖee, kple dɔyɔyɔ. Na Gbɔgbɔ Kɔkɔe nayi ɖalé ɖekakpui ma le mɔ dzi zã sia me, atrɔe gbɔe na dadaa. Le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.142 Eya Amesi nya la atrɔe gbɔe na wò. Gatsi dzi o loo. Xɔe se fifia, gake ɖi o loo. Xɔe se ko, kple wò dzi katã. Wò ya xɔe se, eye Mawu Ŋutɔ awɔ susɔea.143 Azɔ, dzimedodokpɔ et� alo ene siawo la, nuka kee wonye la, mikpɔea, ɖeko me—mele dzi yina vaseɖe esi wòdo blukɔ ɖem. Nyemate ŋu aɖe eme o, mɔnua ɖeke meli si dzi maɖe egɔme toe o. Àgblɔ bena, “Đe nèbe yeagblɔ be numa ɖeɖe ko sesẽ wu miniti blaene vɔ at� kple edzivɔwo ƒe mawunya si nègblɔ la, nèsusuia?” �, amegã. Neganye gaƒoƒo et�e hã la, manye nenema gbegbe o.144 Nyɔnua ɖe de asi mía Aƒetɔ Yesu ƒe awu to ŋu. Evɔ ame mawo mele asi kam ŋunye o. Nukaŋutie, nyɔnu sia si le afisia la, mikpɔ afisia ɖa, àte ŋu…[Nɔviŋutsu Branham gblɔ na nyɔnua be, “Ka asi ŋunye, mikpɔea.”—Tala.] Đeko wòle asi kam afi sia afi nam, ke mawɔ naneke o, ame ko menye. Gake ele nɛ be wòaka asi Eyama ŋu. Eye nye la, to nunana dzi la, ɖeko—deko…ɖeko wòɖea zɔ, nye nyenye katã buna, eye nusi mekpɔ la ko megblɔna. Mikpɔea? Ke evɔ. Mikpɔea, asikaka ŋunye menye naneke o, gake eka asi Yesu ŋu to menye. Nenemae nyɔnu ma hã ka asi Mawu ŋu to Yesu me, le esime Eya menya nyɔnua ƒe kuxi o. Đeko wòka asi Eƒe awu to ŋu, heyi ɖanɔ anyi. Tete Wògblɔ be—tete Wògblɔ be, “Amekae ka asi Ŋunye?”145 Eye apostoloawo gblɔ bena, “Nukae, amesiame le asi kam Ŋuwòe. Nukata Nègblɔ alea ɖo?” Eɖo ŋu be, “Gake Medze sii be ŋusẽ do le Menye.”146 Azɔ la, minya nusi ŋusẽ nyea? Ŋusesẽ. Nyɔnu ɖeka koe ka asi Eŋu eye Wò gbɔdzɔ, evɔ Eyae nye Mawu ƒe Vi la. Kae ka nye yaa, nuv�wɔla si Eƒe amenuveve ɖe. Minya nusita wòdo gãa wua? Elabena Egblɔ bena, “Dɔ siwo wɔm Mele la, miawo hã miawɔe. Gãtɔwo wu esiawo miawɔ, elabena Meyina Fofonye gbɔ.” “Gãtɔwo wu,” Eyae wogblɔ le afima, gake Helagbe ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ lae nye, “Geɖe wu esiawo miawɔ.”

Page 26: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

26 NYA SI WOGBLƆ LA

147 Azɔ, Nyɔnua ɖe enye si si nyemenya o. Nyemenya naneke kura tso eŋu o. Eya hã nye amedzro nam abe ame mleawo ke ene. Míenye amedzro na míanɔewo. Bene amewo nanyae ta ko la, ele be nàkɔ asi dzi, agblɔ be “míenye amedzrowo.” Azɔ, Mawuvi la, nenye be Edo go nyɔnua ɖe gbeɖeka, le gbɔya nu alea tɔgbe, le vudoa ɖe to, Heƒo nu kpli ɤeɤiɤi via ɖe ko, tete Wònya afisi eƒe kuxi la le, eye Wògblɔ nusi nye eƒe kuxi la nɛ. Eye eyama nya to wɔna ma dzi bena, bena eyae nye Mesia la. Azɔ, bena—bena ma…Èka asi ŋunye, nye hã meka ŋuwò, ke naneke medzɔ o. Ke ne nye xɔse (to nunana me) kple wò xɔse (to edzi xɔse me) ate ŋu aka Eŋu la, eye Eyama ate ŋu aƒo nu to mía me la…to menye na wò la, ekema nànyae be Ele afisia hã abe alesi Wònɔ Sixar ƒe—ƒe vudo la to ene. Èkpɔea? Enye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Èxɔ esia sea?148 Kuxi geɖe le dzi wò, dɔlélé geɖe fũ, fuɖeɖewo! Nu gã siwo ta nedi be woado gbe ɖa ɖe yeta ƒe ɖeka enye ƒunukpeƒedɔ. Ele eteƒe. Ele eteƒea? azɔli tɔa te nawò le ƒunukpeƒe ƒe dɔ la ta. Ne enye nenema la, ekema kɔ asi dzi…149 Eye èzɔna blewu, ne meɖo ŋku edzi nyuie la. Đewomahĩ lala vie gbɔ, ɖewomahĩ woagate ŋu agblɔ nyaa ɖe si ana be…Alo, minyae, ase nane ŋkɔ; amea ɖewo, minyae, abe ɖe wogbɔ ya ɖe Eŋu ene. Wogblɔna be, “Nukaŋutie, ele dam kpɔ,” alo, minya, nenema tɔgbea.150 Gake, èdze ame nyuia ɖe, nyaƒo nu kplim vie ko. Mía lala vie le afisia, elabena mebu be nu bubu aɖe le wò dzime si nele didim tso Mawu gbɔ. Azɔ, nyemate ŋu aɖo gbedodoɖa ŋuti na wò o, gake Eya ate ŋui aɖo…Elabena, ne exɔe se ko la, woɖo eŋuti hã xoxo. Ke ne edi be yeaxɔe se ko; ana be nàxɔe se. Azɔ, magblɔ na wò, eku ɖe lɔl�tɔa ɖe si mele afisia o la ŋuti, eye enye nɔviŋutsu, ke nɔviŋutsu ma mele dukɔa me la afii ŋutɔ g� hã o. ele dua ɖe me si nye tsi nyigba, tsità ɖeɖe sɔŋ ko. Magblɔ be ele abe Mishigan alo afi bu…�hẽ, Mishigan ye. Eye wòle dɔa ɖe lém si wua ame kabakaba, ke ayikudɔ si woda dokpo lae eye wòde tamebubu asi nɛ. Ele nenema, alo oa? Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Azɔ, takuvi si le asi wò me, esi nèdo ɖe dzi na Mawu la, tsɔe ɖo ɖe nɔviwò ŋutsua eye nagblɔ nɛ be negake ɖi o, ke bɔŋ nexɔe se, eye esia ana, wòakpɔ dɔyɔyɔ azɔ nenye be nàxɔe ase.151 Èxɔe se kple dzi bliboa? Kpɔ ɖa, ekema, ne èxɔe se la, nu ɖeka koe susɔ na wò nawɔ, eyae nye be, naxɔe zu tɔwòe blibo. Eme kɔa?152 Azɔ àgblɔ be, “Đe wòle wo kpɔm mahã, ame mawo. Nusiae wɔm wòle, ele wo kpɔm.” Ele nu ma dzi kpɔm akpa!153 Gake ɖewomahĩ menya nusia o…Aƒenɔ sia si le afisia, lia va afisia godzi, aƒenɔ, afii, dɔnɔ la, ameka ke nènye. Nye ŋkuwo mele edzi o. Èxɔe se be Mawu ate ŋu aɖe wò kuxi si le afima la fiama? Kɔ asi dzi, ne èxɔe se la, wò aƒenɔ si le afii,

Page 27: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

NUKU SI TO VO LA 27

aƒenɔ si le afii, si le dɔ lém. �hẽ. �hẽ. Esɔgbe, ke ne èxɔe se kple wò dzi blibo la, gbɔxidɔ ma magaɖe fu na wò ake kpɔ gbeɖe o. Enyo, heyi aƒe me eye xɔe se!…?…154 Mele edzi kpɔm o, alo ele Edzi kpɔma? Kpɔ ɖa, Eya…Miawo miele afisia kpɔm, ŋutegã la vana meka nusi le dzɔdzɔm o. Amen! Miate ŋu akpɔe oa? Esɔ gbe hede blibo ko abe alesi Mawu de blibo ene!155 Wò hã, èxɔe sea? Gbɔxidɔa ate ŋu adzo le wò hã, dziwò, mate ŋui oa? Èxɔe se be avɔa? Enyo, heyi ɖagblɔ na Aƒetɔ Yesu be ye—yexɔ Edzi se.156 Ele na wò gbeɖeka be natsɔ e-ekpo atɔ bue nenye be ƒunukpeƒedɔ ma kplibɔ wò, gake megbɔna ewɔ ge o. Mele, mexɔ se be mate ŋui o, alo? Èxɔe se be yeƒe lãme lasẽa? Tsɔ wò mɔ nadzo, eye Yesu kristo ayɔ dɔ wò.157 Dzidɔ wua amewo, gake mele be wòawu wò o. èxɔ edzi se be Mawu adae na yea, eye wò lãme asẽa? Heyi le xɔse me kple dzi blibo, agblɔ be, “Mexɔ se vavã ɖe eta.”158 Èdoa Iŋlisigbea? Ese Iŋlisigbea? [Nɔviŋutsu Branham gblɔ be, Gbegɔmeɖelaa ɖe neva.—Tala.] (Amea ɖe va.) �hẽ, enyo. Àgblɔ nusi gblɔm mele nɛ la nɛa? Gblɔ nɛ be ne exɔe se la, dɔmeɖui la aɖe asi le eŋu. A—axɔe sea? Dzimevee la hã, aɖe asi le ŋu wò, ke azɔ ate ŋu ayi eye naxɔ doyɔyɔ. Èf� nyuia? Èxɔe sea? [Aƒenɔ la be, “�, amegã.”—Tala.]159 Ŋutsu ma si le afima si ŋu tumevee le, esi nɔ kpɔyem esime megblɔ nya ma. Eya hã, ate ŋu kpɔ lãmesẽ, ne èxɔe se, amegã. Evɔ, amegã.160 Nyɔnu ma si le gbɔwò afima tututu, kɔ le ve wòm, menye nenema oa, aƒenɔ? Èxɔe se be Mawu ayɔ dɔ yea? Èdi be yeada asi ɖe ŋutsuvi sue la dzi elabe klo le evem, ke eya hã, àkpɔ dɔyɔyɔ. Èxɔe sea? Aŋɔmevee le ŋuwò, nyɔnuwo ƒe dɔ, megale ŋuwò fifia o. Wò xɔse la yɔ dɔ wò heda gbe le ŋuwò.161 Đe nèxɔ Yesu Kristo dzi se be, Enye eyama etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ mea? Ekema mina miada asi ɖe mía nɔewo dzi eye míado xɔse ƒe gbe sia ɖa, mía dome amesiame, nedo xɔse ƒe gbe ɖa.162 Mawu Lɔl�tɔ, Kpɔ alesi Wò Mawu ƒe Amegbɔnɔnɔ keke ɖe mía dzi ale gbegbee, be míekpɔ Wò zɔɖeɖe le ameha la dome, heyɔ dɔ dɔnɔwo le afisiafi. Wòe nye Mawu. Mele gbe dom ɖa be Nada gbe le ameha blibo sia ŋu. Na Mawu ƒe Gbɔgbɔ naɖi ɖe woƒe dzime yeyee, eye nana woadze sii be ɤeyiɤi la le yiyim. Esusɔ vie ko míaganɔ afisia o, ekema míayi ɖanɔ anyi kpakple Wò Amesi míel�na la. Ke azɔ Eƒe Amegbɔnɔnɔ nahe dɔyɔyɔ vɛ na amesiame.163 Miebù fɔ Satana, míebù fɔ eƒe dowɔwɔwo katã. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me la, wò Satana, do go le amewo me.

Page 28: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

28 NYA SI WOGBLƆ LA

164 Amesiame si axɔ Edzi se fifia, eye si al� axɔ woƒe dɔyɔyɔ la, mitso ɖe miaƒe afɔwo dzi, agblɔ be, “Azɔ metso be maxɔ nye dɔyɔyɔ. Mexɔe se.” Meka nusi wò nɔnɔmea nye o, ne exɔe se vavã la, tso ɖe wò afɔwo dzi. Azɔ mikɔ miaƒe asiwo dzi, ne miagblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, akpe na wò, be nèyɔ dɔm.” Mawu nanɔ anyi kpli mi.

NUKU SI TO VO LA EWE65-0118(The Seed Of Discrepancy)

Nɔviŋutsu William Marrion Branham ƒe Gbedeasi sia, nye esi eya ŋutɔ gblɔ ɖe Iŋlisigbe me Dzoɖa fiẽ, dzome 18, 1965 me, na Xexeame Katã ƒe Asitsala Nyanyuie Bliboa Dzixɔselawo ƒe Ƒuƒoƒo le Westward Ho ƒe Amedzrodzeƒe si le Phoenix, le Arizona, U.S.A., wolée ɖe nuƒoka dzi hetae pɛpɛpɛ le Iŋlisigbe me. Eʋegbe gɔmeɖeɖe sia nye esi Voice of God Recordings ta hemã.

EWE

©2015 VGR, ALL RIGHTS RESERVED

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org

Page 29: EWE65-0118 Nuku Si To Vo La VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE65-0118 The Seed Of Discrepancy VGR.pdf · NUKU SI TO VO LA 3 ŋui be zi gbãtɔ si mese amea ɖe ƒo nu kple aɖeyeyewo

Copyright ƒe kaklãnana

Dzenawo katã nye etɔ. Woate ŋu ata agbalẽ sia le ame ŋutɔ ƒe agbelẽtam dzi hena eŋudɔ wɔwɔ na ame ɖokui alo na emamã, femaxee, sigbe Yesu Kristo ƒe Nyanyuie kaka ƒe dɔwɔnu ene. Womate ŋu adzra agbalẽ sia loo atae le agbɔsɔsɔ gã me, adae ɖe website dzi alo aƒo tee ɖe ma ɖe me daɖi be woagava tsɔe, alo aɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me, alo azãe atsɔ bia gae mɔɖeɖe si woŋlɔ maxɔmaxɔ tso Voice Of God Recordings gbɔ o ®.

Hena nananyanya bubu geɖewo alo nu bubu geɖewo ƒe xɔxɔ la, taflatse miŋl nu na:

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org